Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 6:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 mi amesiwo nɔa saŋku ƒom kɔ kple avu, eye mienɔa hã kpam abe Dawid ene;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Midzia ha vlowo hevuna ɖe kasaŋku ŋu ƒona abe David ye le ha kpam ene.

Onani mutuwo Koperani




Amos 6:5
12 Mawu Ofanana  

Nukaŋuti nèsi le adza me, eye nèblem, eye mèklãm, be maɖo wò ɖa kple aseyetsotso, hadzidzi, ʋuƒoƒo kple saŋkuƒoƒo o,


Eye Dawid gblɔ na Lewi-viwo ƒe amegãwo be, woaɖe wo nɔvi, siwo nye hadzilawo, ne woatsɔ hadzinuawo, siwo nye: saŋkuwo, kasaŋkuwo kple gakogoewo, eye woana dzidzɔha nade dzi.


ame akpe ene nanye agbonudzɔlawo, eye ame akpe ene natso hadzinu, siwo mewo hena kafukafuha la, akafu Yehowa.


Lewi-viwo le tsitrenu kple Dawid ƒe hadzinuawo, eye nunɔlawo lé kpẽawo ɖe asi.


Meƒo klosalo kple sika, fiawo kple anyigbawo ƒe kesinɔnuwo nu ƒu; medo ŋutsu hadzilawo kple nyɔnu hadzilawo ne ɖokuinye; mese amegbetɔviwo ƒe vivisese, eye nyɔnu hɔ ɖe asinye kpaŋ.


Kasaŋkuwo, saŋkuwo, asiʋuiwo kple dzewo kpakple wein kpena ɖe woƒe aglotutu la ŋu; ke womeɖea ŋku ɖe Yehowa ƒe dɔwɔwɔ o, eye womekpɔa eƒe asinudɔwɔwɔ o.


Matsi wò hadzidziwo ƒe ɖiɖi nu, eye womagase wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi azɔ o.


Te wò hawo ƒe ɖiɖi ɖe megbe tso gbɔnye, wò saŋkuƒoƒowo le to me vem nam!


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyɔnu, siwo dzia ha le fiasãwo me la, afa avi gbemagbe, ame kukuwo asɔ gbɔ, eye woazi ɖoɖoe atso wo, aƒu gbe ɖe teƒewo katã.


Elabena agbe ƒe ɣeyiɣi, si va yi la, sɔ gbɔ be, miewɔ trɔ̃subɔlawo ƒe lɔlɔ̃nu, eye miezɔ le hadzedzewo, nudzodzrowo, ahatsunonowo, nutsuɖuɖuwo, aglotutuwo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ la me;


eye womegale saŋkuƒolawo kple hadzilawo kple dzekulawo kple kpẽkulawo ƒe gbe se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o; eye womegale aɖaŋuwɔla bubu ƒomevia ɖeke kpɔ ge le mewò o, eye womegale tetutu se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa