Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 6:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Mi amesiwo le dzidzɔ kpɔm le nu maɖinuiwo ŋu, eye miele gbɔgblɔm be: De menye sesẽ mietsɔ to dzo ɖe ta oa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Mi ame siwo kpɔ dzidzɔ esi wogbã Lodeba eye miegblɔ be, “Ɖe menye míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽe míetsɔ xɔ Karnaim oa?”

Onani mutuwo Koperani




Amos 6:13
36 Mawu Ofanana  

tete Yoaxaz vi Yoas gaxɔ du, siwo Xazael xɔ le fofoa Yoaxaz si le aʋa me la, le via Ben-Hadad si. Zi etɔ̃ Yoas sii, eye wògaxɔ Israel-duwo.


Egbugbɔ Israel ƒe liƒowo xɔ tso Xamat nutowo me vaseɖe tagbaƒu la nu, abe alesi Yehowa. Israel ƒe Mawu la gblɔ to eƒe dɔla, nyagblɔɖila Yona, Amitai vi, tso Gat-Xefer dzi la ene.


ne mekpɔ dzidzɔ be, nye kesinɔnuwo sɔ gbɔ, eye nye alɔ wɔ dɔ kpɔ nu geɖe;


Ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye ketɔ ƒe dzɔgbevɔ̃e ŋu, eye meti kpo, esime vɔ dzɔ ɖe edzia?


Eƒe dziɖoɖo ɖe nu ŋu mele naneke me o, eye eƒe mɔkpɔkpɔ le abe yiyiɖɔ ene.


Eziɔna ɖe eƒe xɔ ŋu, ke menɔa tsitrenu o, ekuna ɖe eŋu, ke melina ɖe te o.


Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu.


Ne anyigba kple edzi nɔlawo katã lolo hã, nyee li ke eƒe sɔtiwo. Sela.


Megblɔ na adegbeƒolawo be: Miganɔ adegbe ƒom o! eye na ame vɔ̃ɖiwo be: Migakɔ miaƒe dzo dzi o!


Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpui ŋkekewo me, eye nazɔ ɖe wò dzi ƒe toƒewo kple nusi wò ŋku kpɔ la nu; ke nyae be, Mawu le kplɔwò ge ava ʋɔnui le nusiawo katã ta.


Le Yuda-fia Axaz, Uziya vi Yotam ƒe vi ŋɔli la Aram-fia Rezin kple Israel-fia Remalya ƒe vi Pekax woho aʋa va Yerusalem ɖe wo ŋu, ke womete ŋu wɔ aʋa kpli wo o.


eye nagblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖokui wò dzi, eye nanɔ anyi kpoo! Megavɔ̃ o, eye dzi megaɖe le ƒowò le dzoti takpoe eve, siwo le dzudzɔ tum, le Rezin kple Aram kpakple Remalya vi ƒe dɔmedzoe la ta o.


Esi dukɔ sia do vlo Siloa-tsi, si sina blewu la, eye wòkpɔ dzidzɔ kple Rezin kpakple Remalya vi la,


Nye domenyinu halawo, minɔ dzidzɔ kpɔm, eye minɔ aseye tsom ko, miɖi adzrɔ abe nyinɔvi, si le lu tugum la ene, eye mixlɔ̃ abe sɔtsu ene.


ke boŋ amesi ke be, yeaƒo adegbe la, neƒo adegbe be, enya nu, eye wòdze sim be, nyee nye Yehowa, amesi si me amenuveve, ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye le le anyigba dzi, elabena nusiawoe nyoa ŋunye, Yehowa ye gblɔe.


Ƒo nu gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Egipte-fia Farao, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, wò lo gã, si tsyɔ akɔ ɖe Nil-tɔsisi titina hele gbɔgblɔm be: „Tɔnyee nye tɔsisi la, eye nyee wɔe.“


Eye Egipte-nyigba azu aƒedo kple gbegbe, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa. Esi nègblɔ be, ye toe nye Nil-tɔsisi la, eye yee wɔe ŋuti la,


exɔ edzi gblɔ bena: Ɖe menye esia nye Babel ga, si metsɔ nye ŋusẽ triakɔ la tsoe, ne wòanye fia nɔƒe kple nye atsyɔ̃ ƒe bubu oa?


Enumake nya la va me na Nehukadnezar; wonyãe ɖa le amegbetɔwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene.


Eye Yehowa Mawu dɔ treklɔnu wòva mie ɖe Yona ta me, ne wòado vɔvɔli ɖe edzi ahafa eƒe dzikudodo nu nɛ; tete Yona kpo dzidzɔ le treklɔnu la ŋu ŋutɔ.


Ɣemaɣi la ŋu magakpe wò le wò nuwɔna, siwo katã nètsɔ to vo ɖe ŋunye la ŋu o; elabena maɖe amesiwo nɔa aseye tsom nɔa ɖa-dam la ɖa le dowòme, eye màgado ɖokuiwò ɖe dzi le nye to kɔkɔe la dzi azɔ o.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Miafa avi, eye miafa konyi; ke xexeame lãkpɔ dzidzɔ; miawo la miaxa nu, gake miaƒe nuxaxa latrɔ zu dzidzɔ.


Ke azɔ la miekana ɖe nu ŋu le miaƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo me. Kakaɖenuŋu sia katã la vɔ̃ wònye.


Eye anyigbadzinɔlawo lakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woagli kple dzidzɔ, eye woaɖo nunanawo ɖe wo nɔewo; elabena nenem nyagblɔɖila eve siawo wɔ fu amesiwo nɔ anyigba la dzi.


woyi agble ɖaxa woƒe weintsetsewo hewɔ wein, eye woɖu akpedadaŋkekenyuie: woyi de woƒe mawu ƒe me ɖu nu no nu, eye woɖo ɖiŋu na Abimelex.


Eye esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va asaɖa me la, Israel blibo la tso aseye hoo, ale be anyigba ʋuʋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa