Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 6:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ɖe sɔwo ate ŋu aƒu du le agakpe dzia, eye ɖe woatsɔ nyiwo aŋlɔ agble ɖe atsiaƒu dzia? Elabena miawo mietrɔ nya dzɔdzɔe wòzu aɖi, kple dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse wòzu atsa

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Sɔwo ate ŋu aƒu du le agakpewo dzia? Ɖe nyitsu siwo wotsɔna ŋlɔa agblee la ate ŋu aŋlɔ atsiaƒu dzia? Ke mietrɔ afia nyui tsotso wòzu aɖi, eye miedo ŋunyɔ nu sia nu si nye nu dzɔdzɔe la wòzu atsa.

Onani mutuwo Koperani




Amos 6:12
17 Mawu Ofanana  

Esi menyae be, wò tame sẽ, wò ʋume nye gakpɔti, eye wò ŋgonu nye akɔbli la,


Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa? Eƒo wo, gake meɖe lã me na wo o; ètsrɔ̃ wo ɖa, ke wogbe toɖoɖo tohehe, wosẽ woƒe ŋku me wu agakpe, eye wogbe tametɔtrɔ.


Miede nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe agble, miexa nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, eye mieɖu alakpakutsetse; elabena èle dzi ɖom ɖe wò tasiaɖamwo kple wò aʋawɔla gbogboawo ŋu.


Aɖe gã le nu me na wo, wokaa atam dzodzro, eye woblaa nu kple wo nɔewo, ale be ʋɔnudɔdrɔ̃ amie abe aɖigbe le boliƒo dzi le agble me ene.


Matsrɔ̃ ʋɔnudrɔ̃la lé wo dome, eye mawu eƒe amegãwo katã akpe ɖe eŋu; Yehowa ye gblɔe!


Yehowa be: Womenya nu dzɔdzɔe wɔwɔ o, eye woli kɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ŋutasesẽ ɖe woƒe fiasãwo me gleglegle.


mi amesiwo trɔ nya dzɔdzɔe wòzu atsa, eye miete dzoe dzɔenyenye ɖe to!


Vɔ̃ɖiwɔwɔ sɔ alɔ me na wo; amegã dia nu, ʋɔnudrɔ̃la drɔ̃a ʋɔuu le fetu ta, eye dumegãwo gblɔa nusi le wo dzrom; ale woblua afɔ na nya.


Ke woƒãa dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse le ŋutifafa me na amesiwo wɔa ŋutifafa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa