Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 6:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Baba na mi amesiwo ɖe dzi ɖe anyi le Zion, kple mi amesiwo le Samaria-towo dzi bɔkɔɔ, mi dukɔwo ƒe ame veviwo dome ŋkutatɔwo, amesiwo gbɔ Israel ƒe aƒe la vana!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Baba na mi, ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le Zion kple ame siwo susu be yewosu te le Samaria towo dzi, mi ame siwo nye ame veviwo kple ame ŋkutawo le Israel, ame siwo gbɔ dukɔ la xɔa aɖaŋu le.

Onani mutuwo Koperani




Amos 6:1
26 Mawu Ofanana  

Eye wòƒle Samaria-to la le Semer si klosalo talento eve, eye wòtso du ɖe to la dzi hena ŋkɔ du, si wòtso la, le to la tɔ Semer ƒe ŋkɔ be Samaria.


Amesiwo li bɔkɔɔ ƒe alɔmeɖeɖe kple dadalawo ƒe vlododo ɖi ƒo na míaƒe luʋɔ ŋutɔŋutɔ.


Elabena gegemewo ƒe godzedze wua woawo ŋutɔwo, eye bometsilawo ƒe anyinɔnɔ bɔkɔɔ tsrɔ̃a wo.


Dzidzi ƒo nuvɔ̃wɔlawo le Zion, ame vɔ̃ɖiwo ƒe lãme ble fu: Mía dometɔ ka anɔ dzo binu gbɔ, eye mia dometɔ ka anɔ dzoxɔxɔ mava gbɔ?


Yehowa be: Israel le kɔkɔe na Yehowa, eƒe agblemenu gbãtɔwo wonye; amesiwo katã ɖui la, kpɔe ɖe enu; dzɔgbevɔ̃e va wo dzi!


Moab li bɔkɔɔ tso eƒe ɖevime ke, eɖo ƒã ɖi kpoo, eye wometrɔe tso goe me ko ɖe goe bubu me o, eye meyi aboyo me o, eyata eƒe vivi gale eŋu, eye eƒe ʋeʋẽ metrɔ o.


Yehowa be: Mitso, míaho ɖe dukɔ, si ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ la ŋu, agbo kple gameti mele wo si o, eye wole aga.


Eyata mayi ame ŋkutawo gbɔ, eye maƒo nu kpli wo; elabena woawoe nya Yehowa ƒe mɔ kple woƒe Mawu ƒe se la me. Ke wo katã wòŋe kɔkuti la, eye wotso kaawo!


Migaɖo dzi ɖe akpanya, si wole gbɔgblɔm be: „Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔe nye esia la ŋu o!


Ao, du, si ame yɔ, tsi akogo! Du ga le dukɔwo dome zu ahosi; duwo ƒe fia zu yakadɔwɔla.


Miawo koe menya le anyigba dzi ƒomeawo katã dome; eyata mahe to na mi le miaƒe vodadawo katã ta.


Miɖo kpo ɖe fiasãwo ta le Asdod kple ɖe fiasãwo ta le Egipte-nyigba dzi gblɔ bena: Miƒo takpli ɖe Samaria-towo dzi, eye mikpɔ ʋunyaʋunyawɔwɔ geɖe kple ame teteɖeanyi, si le eme la ɖa.


Mise nya sia, mi Basan-nyinɔ, siwo le Samaria-to dzi! Mi amesiwo te ame dahewo ɖe anyi, miegbã hiãtɔwo gudugudu, eye miegblɔ na miaƒe atsuwo bena: Miku aha vɛ míano!


eye mana woaɖe aboyo mi agbɔ Damasko ŋu ʋĩ ayii, Yehowa, amesi ŋkɔ nye Mawu Zebaot lae gblɔe!


wo amesiwo tà Samaria ƒe dzidada, eye wogblɔna bena: „Dan, míetà wò mawu ƒe agbe, eye míetà Beer-Seba-ma!“ Woadze anyi, eye womagafɔ o.


Nye dukɔ ƒe nuvɔ̃wɔlawo katã aku ɖe yi nu, wo amesiwo le gbɔgblɔm bena: Dzɔgbevɔ̃e la matu mí o, eye maɖi kpe mí o.


Eye megblɔ bena: Mi Yakob ƒe tatɔwo kple Israel ƒe aƒe me amegãwo, ɖe menye mlaƒe dɔ wònye be, miadze si se la oa?


Le ɣemaɣi la matsɔ akaɖi atsa le Yerusalem, eye mahe to na amesiwo katã ɖo ƒã ɖi hele gbɔgblɔm le woƒe dzl me be: Yehowa mele nyui alo vɔ̃ wɔ ge o.


Le eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu ta wòtsɔ nyateƒenya la dzi mi, bena míanye eƒe nuwɔwɔwo ƒe ŋgɔgbetɔ.


Mieɖu nu vivi le anyigba dzi, eye miewɔ fewunuwo, mienyi miaƒe dziwo de wuwugbe la.


Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.


Tete ŋutsu atɔ̃awo dze mɔ heva Lais, eye wokpɔ bena, dukɔ, si le eme la, ti kpoo bɔkɔɔ, eye woɖe dzi ɖi abe Zidontɔwo ene, amea ɖeke mewɔ vɔ̃ wo o, eye nu bɔ ɖe wo si, wole didiƒe tso Zidontɔwo gbɔ, eye womebɔa ha kple amea ɖeke o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa