Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 5:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 mi amesiwo trɔ nya dzɔdzɔe wòzu atsa, eye miete dzoe dzɔenyenye ɖe to!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 O, mi ame siwo trɔ afia nyui tsotso wòzu vevesese, eye mietsɔ dzɔdzɔenyenye ƒu gbe ɖe anyigba!

Onani mutuwo Koperani




Amos 5:7
23 Mawu Ofanana  

Ke amesiwo dze yi woƒe mɔ gɔglɔ̃wo dzi la, Yehowa akplɔ wo akpe ɖe nu vlo wɔlawo ŋu ayii. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi!


Elabena evivi nume nɛ le eŋku me, ne wòakpɔ mɔnu le eƒe dzidada ŋu, eye wòalé fui.


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe sesẽnuwɔwɔ tsrɔ̃a wo; elabena wogbea nusi dzɔ la wɔwɔ.


Wò amegãwo zu aglãdzelawo kple fiafiwo xɔlɔ̃; wo dome amesiame lɔ̃a zãnunana, eye wotia fetu yome; womedrɔ̃a ʋɔnu na tsyɔ̃eviwo o, eye ahosiwo ƒe nya medea wo gbe o.


Baba na amesiwo tsɔ ɖoɖo gbegblẽwo wɔ see, kple agbalẽŋlɔla, siwo le ameteteɖanyi ŋlɔm ɖi,


Miɖo tom, mi tamesẽlawo, mi amesiwo le adzɔge na dzɔdzɔenyenye.


Baba na amesiwo yɔa vɔ̃ be nyui kple nyui be vɔ̃, amesiwo tsɔa viviti wɔa kekelii, eye wotso kekeli wo vivitii, amesiwo tsoa veve wɔa vivii, eye wotsɔa vivi wo vevee!


Elabena Israel ƒe aƒe lae nye Yehowa Zebaot ƒe weingble, eye Yuda ŋutsuwo nye eƒe dzidzɔkpɔkpɔ ƒe nudodowo: ekpɔ mɔ na afiatsotso, ke ʋukɔkɔɖie li; ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke konyifafae li.


Eye ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔa nu gbegblẽ, eye wòwɔa ŋunyɔnu, siwo katã ame vɔ̃ɖi wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋu nu dzɔdzɔe, siwo katã wòwɔ la o, le eƒe go, si wòdze, kple eƒe nuvɔ̃, siwo wòwɔ la ta; woawo ta wòaku ɖo.


Ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu hewɔ nu vɔ̃ɖi la, ekema maɖo nu nɛ, wòakli aku. Elabena esi mèxlɔ̃ nui o la, eyata woku le eƒe nuvɔ̃wo ta ɖo, eye womagaɖo ŋu eƒe nu dzɔdzɔe, siwo wòwɔ la o; ke asiwò me mabia eƒe ʋu le.


Ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔ nu vɔ̃ɖi la, esia tae wòaku ɖo.


Aɖe gã le nu me na wo, wokaa atam dzodzro, eye woblaa nu kple wo nɔewo, ale be ʋɔnudɔdrɔ̃ amie abe aɖigbe le boliƒo dzi le agble me ene.


Matsrɔ̃ ʋɔnudrɔ̃la lé wo dome, eye mawu eƒe amegãwo katã akpe ɖe eŋu; Yehowa ye gblɔe!


Yehowa be: Womenya nu dzɔdzɔe wɔwɔ o, eye woli kɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ŋutasesẽ ɖe woƒe fiasãwo me gleglegle.


Ɖe sɔwo ate ŋu aƒu du le agakpe dzia, eye ɖe woatsɔ nyiwo aŋlɔ agble ɖe atsiaƒu dzia? Elabena miawo mietrɔ nya dzɔdzɔe wòzu aɖi, kple dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse wòzu atsa


Misee, mi Yakob ƒe aƒe ƒe ta-tɔwo kple mi Israel ƒe aƒe ƒe amegãwo, mi amesiwo nyɔa ŋu se la, eye mieglɔ̃a nu dzɔdzɔewo katã;


Eyata se la ŋutl nufiafia me gbɔdzɔ, eye nuteƒewɔwɔ megadona ɖe gota o. Elabena ame vɔ̃ɖi ɖe to ɖe ame dzɔdzɔe, eyata nuteƒewɔwɔ trɔ tagbo hafi do.


eye matsrɔ̃ amesiwo trɔ le Yehowa yome, kple amesiwo medi Yehowa alo bia eta se kpɔ o la siaa.


amesi ase fiƒodenya siawo avɔ tso, ade dzi ƒo na eɖokui agblɔ le eƒe dzi me bena; ne mese dzime le yiyim hã, ŋunye afa o, bena ne womagatsrɔ̃ amesi ɖi ko kple amesi tsikɔ le wuwum la siaa o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa