Israel-fia ɖo eŋu na Yosafat bena: Ame ɖeka li, amesi gbɔ wobiaa nu Yehowa le, ke melé fui, elabena metoa nya nyuia ɖeke nam o, negbe vɔ̃a ko, eya nye Mixa, Yimla vi. Ke Yosafat gblɔ bena: Fia meganɔ nu ƒom alea o.
Eye esi wòƒo nu kplii la, egblɔ nɛ bena: Wòe mietsɔ ɖo fia ƒe aɖaŋuɖolaea? Dzudzɔ, ne menye nenem o la, woaƒo wò. Eye nyagblɔɖila la dzudzɔ hegblɔ bena: Menyae be, Mawu ɖo gbegblẽ ɖe ŋuwò, le esi nèwɔ nusia, eye mèɖo to nye aɖaŋuɖoɖo o ta.
Eye anyigbadzinɔlawo lakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woagli kple dzidzɔ, eye woaɖo nunanawo ɖe wo nɔewo; elabena nenem nyagblɔɖila eve siawo wɔ fu amesiwo nɔ anyigba la dzi.