Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 4:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Du eve kple du etɔ̃ wole ya mum sagãsagã yi du ɖeka me, be yewoano tsi, ke womeɖi kɔ o; gake miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Amewo tsoa du siwo me ku le ɖiɖim le, eye wozɔa mɔ didi yia tsidiƒe le du bubu me afi si tsi le dzadzam le, gake womekpɔnɛ kuna o. Ele alea, gake miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.

Onani mutuwo Koperani




Amos 4:8
16 Mawu Ofanana  

Eye Axab gblɔ na Obadya bena: Yi ɖatsa le anyigba dzi le tsidzɔƒewo katã kple tɔʋuwo katã ŋu, ɖewohĩ míakpɔ gbe axɔ sɔwo kple tedzisɔwo ɖe agbe, be lãwo magatsrɔ̃ na mi o.


Eye dukɔ la metrɔ ɖe amesi ƒoe la ŋu o, eye womedi Yehowa Zebaot yome mí o.


Ke mekpɔ ŋunyɔnuwɔwɔ le nyagblɔɖila, siwo le Yerusalem la ŋu: Wole amatre wɔm, wole alakpadada dzi, eye wodo ŋusẽ nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi, ale be wometrɔ tso woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo me o; wo katã le nam abe Sodom ene, eye emenɔlawo le abe Gomora ene.


Woklo tsidzadza, eye keletsi hã medza o. Ke wò la, gbolo ƒe mo li na wò, eye ŋu gbe wò kpekpe.


Eye nyea mebu be, esi wòwɔ nusiawo katã megbe la, atrɔ ɖe ŋunye, gake metrɔ ɖe ŋunye o, eye nɔvianyɔnu Yuda dzego la kpɔe.


Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa? Eƒo wo, gake meɖe lã me na wo o; ètsrɔ̃ wo ɖa, ke wogbe toɖoɖo tohehe, wosẽ woƒe ŋku me wu agakpe, eye wogbe tametɔtrɔ.


Womagagbugbɔ ayi Egipte-nyigba dzi o, ke boŋ Asur nenye woƒe fia, elabena wogbe tametɔtrɔ.


Israel ƒe dãda le ɖase dim ɖe mo nɛ kaŋ; ke wometrɔ ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋu o, eye womedi eyome mɔ le nusiawo katã me o.


Medo kuvia miaƒe aɖuwo le miaƒe duwo katã me, eye mena abolokoe wɔ nu le mia nɔƒewo katã; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe.


Àɖu nu, ke màɖi ƒo o, eye ɖɔ anɔ wuwòm ɖaa; ne èdzra nu ɖo la, ɖeke makpɔtɔ o, eye ne ɖe susɔ la, matsɔe ade asi na yi.


Mieƒã nu taŋtaŋ, gake nu ʋeea ɖe ko mieŋe; miedu nu, meɖi ƒo na mi o; mieno nu, meɖi kɔ na mi o; mieta avɔ, mede dzo lã me na mi o; miewɔ dɔ xɔ fetu, eye mietsɔe de kotoku ŋɔŋɔ me.


Mehe to na mi ɖe miaƒe asinudɔwɔwɔwo katã ŋu, ale be miaƒe bliwo hlɔ̃, eye wodze heteku, eye dzikpewo dza; gake miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa