Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 4:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Miato gli ƒe gbagbãƒe, amesiame akpɔ eŋgɔ te, eye miatsɔ miaƒe legbawo axlã ɖe anyi; Yehowa ye gblɔe!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Woakplɔ mi ato gliwo ƒe gbagbãƒee, miakpɔ ŋgɔ tẽe, eye woatsɔ mi aƒu gbe ɖo ɖe Harmon.” Yehowae gblɔe.

Onani mutuwo Koperani




Amos 4:3
12 Mawu Ofanana  

woɖe mɔ ɖe du la ŋu, eye aʋawɔlawo katã si le zã me to fia ƒe abɔ ƒe agbo, si le gli eve dome la ƒe mɔ dzi, esime Kaldeatɔwo ƒo xlã dua, eye woto tagbamɔ.


Eye wodze wo yome vaseɖe kekeke Yordan nu, eye kpɔ ɖa, mɔ blibo la dziya fũ kple awuwo kple aʋawɔnuwo, siwo Aramtɔwo tsɔ ƒu gbe, esime wole sisim. Eye dɔlawo gbugbɔ va gblɔe na fia la.


Gbemagbe la amegbetɔ atsɔ eƒe klosalolegba kple eƒe sikalegba, siwo wòwɔ, be yeade ta agu na la, aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo,


Elabena le ɣemaɣi la wo dome amesiame anyɔ ŋu eƒe klosalolegba kple sikalegba, siwo eƒe asiwò wo na eɖokui hena nuvɔ̃wɔwɔ la.


Woŋɔ mɔ ɖe dua ŋu, eye aʋawɔlawo ka tã si to fia ƒe abɔ me mɔ, to agbo, si le gli ŋukplaba eve dome la nu hegblẽ du la ɖi le zã me, eye wòto gbegbemɔ; ke Kaldeatɔwo le glia ŋu godoo.


Amegã, si le wo dome la, alé agba ɖe abɔta adzo le blukɔ me, woaŋɔ gli, ne wòato eme adzo, eye atsyɔ nu ŋku me, le esi wòbe, yemele anyigba la kpɔ ge kple ŋku o ta.


Ŋɔ gli le wo ŋku me, eye nato eme ado ɖe egodo.


Eyata mianɔ ŋgɔ na aboyomewo ayi aboyo me, eye amesiwo dra ɖe aba dzi la ƒe nukoko hahaha nu atso!


Woƒe klosalo kple sika hã mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe o, eye eƒe ŋuʋa-ʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la; elabena ele anyigbadzitɔwo katã tsrɔ̃ ge zi ɖeka.


Ela bena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atso ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?


Gilead tsi Yordan ƒe go keme dzi bɔkɔɔ. Nukaŋuti Dan nye amedzro le nuwo me? Aser baba nɔ ƒuta, eye wòtsyɔ akɔ anyi ɖe eƒe adɔ̃wo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa