Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 4:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Metrɔ mi bu anyi, abe alesi Mawu trɔ Sodom kple Gomora bu anyi ene, eye miele abe ati, si woɖe tso dzo me la ene; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 “Metsrɔ̃ miaƒe du aɖewo abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomorae ene; ame siwo susɔ la le abe atikpo si woɖe tso dzo me la ene, gake miegbe, mietrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.

Onani mutuwo Koperani




Amos 4:11
24 Mawu Ofanana  

Ale woava me na Babel, si nye fiaɖuƒewo ƒe nu vevi kple Kaldea-tɔwo ƒe adegbeƒoƒo kple atsyɔ la, abe alesi Mawu trɔ Sodom kple Gomora bu anyi ene.


eye nagblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖokui wò dzi, eye nanɔ anyi kpoo! Megavɔ̃ o, eye dzi megaɖe le ƒowò le dzoti takpoe eve, siwo le dzudzɔ tum, le Rezin kple Aram kpakple Remalya vi ƒe dɔmedzoe la ta o.


Eye dukɔ la metrɔ ɖe amesi ƒoe la ŋu o, eye womedi Yehowa Zebaot yome mí o.


Ke mekpɔ ŋunyɔnuwɔwɔ le nyagblɔɖila, siwo le Yerusalem la ŋu: Wole amatre wɔm, wole alakpadada dzi, eye wodo ŋusẽ nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi, ale be wometrɔ tso woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo me o; wo katã le nam abe Sodom ene, eye emenɔlawo le abe Gomora ene.


Yehowa be: Amea ɖeke magatso aƒe ɖe afima o, eye amegbetɔvia ɖeke manɔ afima o, abe alesi wotrɔ Sodom kple Gomora kple woƒe aƒelikawo bu anyii ene.


Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa? Eƒo wo, gake meɖe lã me na wo o; ètsrɔ̃ wo ɖa, ke wogbe toɖoɖo tohehe, wosẽ woƒe ŋku me wu agakpe, eye wogbe tametɔtrɔ.


Yehowa be: Ame matso aƒe ɖe afima alo amegbetɔvia ɖe nanɔ eme o, abe alesi Mawu trɔ Sodom kple Gomora kpakple woƒe aƒelikawo bu anyii ene.


Esi meklɔ ŋuwò, ke wò nu makɔmakɔawo gbe ɖiɖi le ŋuwò le wò ŋukpenanuwɔwɔ makɔmakɔawo ta la, eyata ŋuwò maɖi akpa o, vaseɖe esime nye dziku nu nafa ɖe ŋuwò.


Womagagbugbɔ ayi Egipte-nyigba dzi o, ke boŋ Asur nenye woƒe fia, elabena wogbe tametɔtrɔ.


Efrayim, aleke matsɔ wo ana, eye matsa wò Israel ade asi? Aleke mawɔ wò abe Adma ene, eye mawɔ wò abe Zeboim ene? Nye dzi trɔ le menye, eye nye nublanuikpɔkpɔ le fiefiẽm wlɔwlɔwlɔ!


Medo kuvia miaƒe aɖuwo le miaƒe duwo katã me, eye mena abolokoe wɔ nu le mia nɔƒewo katã; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe.


Mehe to na mi ɖe miaƒe asinudɔwɔwɔwo katã ŋu, ale be miaƒe bliwo hlɔ̃, eye wodze heteku, eye dzikpewo dza; gake miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!


Tete Yehowa gblɔ nu Satana bena: Yehowa blu ɖe tawò, Satana, Yehowa, amesi fia Yerusalem la, blu ɖe tawò! Ɖe menye eyae nye ati takpoe woɖe tso dzo me oa?


Eye abe alesi Yesaya gblɔ nya ɖi ene bena: „Ɖe menye Aƒetɔ Zebaot ye susɔ ƒome ɖi na mi o la, anye ne mietrɔ zu abe Sodom ene, eye míaɖi Gomora.“


Ne amea ɖe ƒe dɔwɔwɔ afiã la, abui, ke woaxɔ eya ŋutɔ, gake abe amesi to dzo me ene.


Yehowa ana kekui kple ʋuʋudedi nadza tso dziƒo ɖe tsi, si dzana ɖe wò anyigba dzi la teƒe.


eye dukɔwo katã agble bena: Nukaŋuti Yehowa wo anyigba sia alea, eye dɔmedzoe gã ka ƒomevi enye si?


eye wòna Sodom kple Gomora ƒe duwo zu afi, eye wòbu fɔ wo to wo tɔtrɔtsyɔanyi me, eye wotsɔ wo ɖo kpɔɖeŋu na amesiwo ava nɔ agbe le mawumavɔ̃mavɔ̃ me;


miɖe ame bubua ɖewo, eye mihe wo do go tso dzo la me, mitsɔ vɔvɔ̃ kpɔ nublanui na amea ɖewo, eye milé fu awu, si ŋutilã ƒo ɖi la gɔ̃ hã.


Abe alesi wotsɔ Sodom kple Gomora kple du, siwo ƒo xlã wo, siwo wo ahasi akpa abe woawo ene, eye wodze ŋutilã bubu yome la, wo kpɔɖeŋu, esi wokpe dzo mavɔ ƒe fu la:


Eye ame susɔe, siwo fuwɔame siawo mewu o la, wometrɔ le dzi me tso woƒe asinudɔwɔwɔawo me o, bena woagasubɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo kple sika- kple klosalo-kple gadzẽ- kple kpe- kpakple ati-legba, siwo metea ŋu kpɔa nu alo sea nu alo zɔa azɔli hã o la o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa