Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 3:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Miɖo kpo ɖe fiasãwo ta le Asdod kple ɖe fiasãwo ta le Egipte-nyigba dzi gblɔ bena: Miƒo takpli ɖe Samaria-towo dzi, eye mikpɔ ʋunyaʋunyawɔwɔ geɖe kple ame teteɖeanyi, si le eme la ɖa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Miɖe gbeƒã le Asdod kple Egipte fiasãwo me be, “Miƒo ƒu mia ɖokuiwo ɖe Samaria towo dzi, ne miakpɔ ʋunyaʋunya gã kple teteɖeanyi siwo le edzi yim le dukɔ la dome.”

Onani mutuwo Koperani




Amos 3:9
22 Mawu Ofanana  

Migaɖe gbe ƒãe le Gat o, eye migado kpoe le Askalon ƒe ablɔwo me o, ne Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo nagadzɔ dzi, eye bolotɔwo ƒe vinyɔnuwo nagatso aseye o!


míaƒe asi asu nu vevi vovovowo dzi, eye míatsɔ aboyonu ayɔ míaƒe xɔwoe,


Nyɔnu nyodɔme ƒe asi sua bubu dzi; ke ŋutasẽlawo ƒe asi sua kesinɔnu ko dzi.


Eye megade ŋku de ameteteɖeanyi, siwo katã dzɔna le ɣea te la, eye kpa da, amesiwo woto de anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfalaa ɖeke meli na wo o; amesiwo te wo de anyi la, se ŋuta le wo ŋu, ke akɔfalaa ɖeke meli na wo o.


woagade weingble ɖe Samaria-towo dzi; amesi wo de wo la, woaɖu wo me kutsetse.


Mido kpo le Egipte, miɖe gbe ƒã le Migdol, eye miɖe gbe ƒã le Nof kple Taxpanxes! Migblɔ bena: Tso nadzra ɖokuiwò ɖo, elabena yi le nu ɖum le ŋuwò godoo.


Mido kpo le dukɔwo dome, miɖe gbe ƒã, eye mido aflaga ɖe dzi! Miɖe gbe ƒã, migaɣlae o! Migblɔ be: Woxɔ Babel, ŋukpe lé Bel, eye wogbã Merodax ƒu anyi! Ŋukpe lé woƒe legbawo, eye wogbã woƒe mawuwo!


Ke mi Israel-towo, miɖe ama, eye mitse ku na nye dukɔ Israel, elabena woƒe gbɔgbɔɣi tu aƒe.


Matsɔ wo awɔ dukɔ ɖekae ɖe anyigba dzi le Israel-towo dzi, eye fia ɖeka anye wo katã ƒe fia, womaganye dukɔ eve azɔ o, eye womagamã ɖe fiaɖu ƒe eve me azɔ o.


Ne mebe, mada gbe le Israel ŋu la, Efrayim ƒe vodadawo kple Samaria ƒe nu vɔ̃di wɔwɔwo dee ta ɖa. Elabena wodaa alakpa, fiafitɔwo dzea kpɔ, eye adzohawo nɔa nu ham le mɔ dzi.


Eye matsrɔ̃ Asdodtɔwo kple amesi lé fiatikplɔ ɖe asi le Askalon, matrɔ nye asi ɖe Ekron ŋu, eye Filistitɔwo ƒe susɔea nu ayi; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Mise nya sia, mi Basan-nyinɔ, siwo le Samaria-to dzi! Mi amesiwo te ame dahewo ɖe anyi, miegbã hiãtɔwo gudugudu, eye miegblɔ na miaƒe atsuwo bena: Miku aha vɛ míano!


Esi miefanya ame dahewo kple afɔ, eye miexɔ blidzɔ le wo si la, eyata miatsɔ kpe fufuwo atu xɔe, gake mianɔ wo me o; miade weingble nyowo, gake miano woƒe wein o.


Baba na mi amesiwo ɖe dzi ɖe anyi le Zion, kple mi amesiwo le Samaria-towo dzi bɔkɔɔ, mi dukɔwo ƒe ame veviwo dome ŋkutatɔwo, amesiwo gbɔ Israel ƒe aƒe la vana!


Mi amesiwo ɖi be, dzɔgbevɔ̃egbe la nate ɖa, eye miele ŋutasesẽ ƒe fiazikpui hem vɛ;


míaƒle ame dahewo ɖe gã nu kple hiãtɔwo ɖe atokota ɖoɖo ɖeka nu, eye míadzra bli toto ɖe bli ŋutɔ teƒe?


Ɖe kesinɔnu madzɔmadzɔ kple nudotree nyaŋui, si ŋu fi-ƒode le la, gale ame vɔ̃ɖi ƒe me koa?


Ke Filistitɔwo xɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye wotsɔe tso Eben-Ezer va Asdod.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa