Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 3:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ne dzata ɖe gbe la, amekae agbe vɔvɔ̃? Ne Aƒetɔ Yehowa ƒo nu la, amekae agbe nyagbɔgblɔ ɖi?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Dzata ɖe gbe, ame kae mavɔ̃ o. Yehowa Mawu ƒo nu, ame kae agbe be yemagblɔ nya ɖi o.

Onani mutuwo Koperani




Amos 3:8
17 Mawu Ofanana  

Nye amesiwo wogbã gudugudu, nye lugboƒeviwo, nya, si mese tso Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la gbɔ la, meto na mi.


Elabena ale Yehowa gblɔ nam enye si: Alesi dzata kple dzatavi nɔa gbe tem ɖe nuléle ŋu, eye ne woyɔ lãkplɔviwo ɖe eŋu kpaŋkpaŋ hã, woƒe ɣli meɖea dzi le eƒo o, eye meɖoa to woƒe howɔwɔ o la, nenema Yehowa Zebaot aɖi ɖe anyi, ne woawo aʋa le Zion-to la kple eƒe togbɛ la dzi.


Eye ne mebe, maɖe ŋku ɖa le edzi, eye magaƒo nu le eƒe ŋkɔ me o la, enɔa nye dzi me abe dzobibi nue wotu nu ɖo ɖe nye ƒuwo me ene, etsɔtsɔ tia ko nam, eye wògloam.


Eye Yeremya gblɔ na amegãwo katã kple dukɔ blibo la bena: Yehowa ye dɔm, be magblɔ nya, siwo katã miese la, ɖe aƒe sia kple du sia ŋu.


Ɣemaɣi la mana Israel ƒe aƒe la nato dzo, eye maʋu nu na wò le wo dome, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.


Eye wògblɔ bena. Yehowa le gbe ɖem tso Zion, eye wòna eƒe gbe le ɖiɖim tso Yerusalem, tete lãkplɔviwo ƒe lãnyiƒe yrɔ, eye Karmel tame; ƒu.


Ke miena wein Mawu ƒe kluwo wono, eye miede se na nyagblɔɖilawo gblɔ be: Migagblɔ nya ɖi o!


Ne nuléle mesu dzata si o la, ɖe wòxlɔ̃na le ave mea? Ɖe dzatavi ɖea gbe le emlɔƒe, ne mekpɔ lé nu haɖe oa?


Elabena miate ŋu agbe nuƒoƒo le nusi miekpɔ kple nusi miese la ŋuti o.


Miheyi, ne míatsi tre agble agbenya siawo katã na dukɔ la le mawuxɔ me.


Eye Petro kple apostoloawo ɖo ŋu gblɔ bena: Ele be, wòabu Mawu awu amewo.


Elabena ne megblɔ nyanyuie fia la, menye kafukafu nam o, elabena ele nam kokoko be, mawɔe; elabena nenye be, nyemegblɔ nyanyuie la fia o la, baba nam!


Tete amegã xoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam bena: Megafa avi o; kpɔ ɖa, dzata, si tso Yuda ƒe to la me, si nye Dawid ƒe ke la, eɖu dzi, be wòaʋu agbalẽ la, eye wòaɖe eƒe nutrenu adreawo ɖa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa