Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 3:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe ɖɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Eya ta Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, mewɔa naneke ne meɖe eƒe ɖoɖo fia eƒe dɔla nyagblɔɖilawo hafi o.

Onani mutuwo Koperani




Amos 3:7
22 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa gblɔ bena: Ɖe maɣla nusi wɔ ge mala la, ɖe Abraham,


Tete Mawu gblɔ na Noa bena: Ŋutilãwo katã ƒe nuwuwu ɖo azɔ, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi; kpɔ ɖa, matsrɔ̃ wo kple anyigba siaa.


Miyi ɖabia nu Yehowa ɖe tanye kple ɖe dukɔ la kpakple Yuda blibo la ta le agbalẽ, si wòfɔ lãme nyawo ŋuti; elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe, si wòdo de mía ŋuti la, nu sẽ, elabena mia fofowo meɖo to agbalẽ sia me nyawo, ne woawɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la dzi o.


Eyata mana nayi fofowòwo gbɔ, eye woaɖi wò ɖe wò yɔdo me le ŋutifafa me, eye wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e, siwo katã mahe ava teƒe sia dzi la o. Eye wohe gbea vɛ na fia la.


Tete eƒe dɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ bena: Kpao, nye aƒetɔ fia, ke boŋ nyagblɔɖila Elisa, si le Israel lae, nɔa wò nya, siwo nègblɔna le wò xogã me la, gblɔm na Israel-fia.


Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ la, eye wònana wonyaa eƒe nubabla.


Elabena ale Yehowa gblɔ nam enye si: Manɔ nɔnyeƒe kpoo anɔ ekpɔm, ne ŋdɔkutsu le vevem heliheli, ne alilikpowo le zãmu dzam le nuŋeɣi ƒe dzoxɔxɔ me.


Ɖe wònye ɖe wònɔ nye adaŋu me la, anye ne woɖe gbe ƒã nye nyawo na nye dukɔ, eye wòtrɔ wo tso woƒe mɔ vɔwo dzi kple woƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo me.


Ɣemaɣi la mana Israel ƒe aƒe la nato dzo, eye maʋu nu na wò le wo dome, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.


Ke magblɔ nusi woŋlɔ ɖe nyateƒe-gbalẽ me la, na wò; amea ɖeke made dzinye ɖe wo ŋu o, negbe mlaƒe amegã Mixael ko.


Eye azɔ mato nyateƒe la na wò. Kpɔ ɖa, fia etɔ̃ le dzɔdzɔ ge le Persia, eye enelia akpa ho ŋutɔ wu bubuawo katã; ne ŋusẽ ɖo eŋu la, atsɔ kesinɔnu ado adã bubuawo katã ɖe Hela-fiaɖuƒe la ŋu.


Tete fia la gblɔ na Daniel bena; Nyateƒee, miaƒe Mawu la enye mawuwo dzi Mawu kple fiawo dzi Aƒetɔ kpakple nya ɣaɣlawo defiala; elabena èle ŋu ɖe nya ɣaɣla sia fia.


Nyemagayɔ mi be dɔlawo o, elabena dɔla menyaa nusi eƒe aƒetɔ wɔna o; ke meyɔ mi be xɔlɔ̃wo, elabena nusiwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.


Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia, si Mawu tsɔ nɛ, be wòafia nusiwo lava ve me kaba la, eƒe dɔlawo la, enye esi; eye wòto eƒe mawudɔla, si wòdɔ ɖa la, dzi heɖe wo me fia eƒe dɔla Yohanes,


Azɔ ŋlɔ nusiwo nèkpɔ kple nusiwo li kpakple nusiwo le vava ge le nusiawo megbe la.


ke boŋ le mawudɔla adrelia ƒe gbeɖeɖeŋkekewo me, esime woaku kpẽ la, woawu Mawu ƒe nya ɣaɣla la nu le nyanyuie, si wogblɔ fia eƒe dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo la nu.


Nusia wo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ʋɔtrua ɖe le ʋuʋu le dziƒo, eye gbe gbãtɔ, si mese la, ƒo nu kplim abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena; Va dziƒo afii, eye mafia nusiwo lava ve me le esiawo megbe la wò.


Ke Yehowa de gbe to me na Samuel ŋkeke ɖeka va yi, hafi Saul nava ɖo, gblɔ bena:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa