3 Ne ame eve be, yewoazɔ ma la, ɖe womeɖoa gbe ɖi hafi oa?
3 elabena aleke ame eve ate ŋu azɔ ɖekae ne womeɖo gbe ɖi o?”
Esi Abram xɔ ƒe blaasieke vɔ asieke la, Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ; zɔ le ŋkunye me, eye nazu blibo!
Esi wòdzi Metusala megbe la, Henox zɔ kple Mawu ƒe alafa etɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo.
Esia enye Noa ƒe dzidzimeviwo ŋutinya Noa enye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le eŋɔlimetɔwo dome, eye Noa zɔ kple Mawu.
Miawo koe menya le anyigba dzi ƒomeawo katã dome; eyata mahe to na mi le miaƒe vodadawo katã ta.
Ne nuléle mesu dzata si o la, ɖe wòxlɔ̃na le ave mea? Ɖe dzatavi ɖea gbe le emlɔƒe, ne mekpɔ lé nu haɖe oa?
Mise nya sia, mi Basan-nyinɔ, siwo le Samaria-to dzi! Mi amesiwo te ame dahewo ɖe anyi, miegbã hiãtɔwo gudugudu, eye miegblɔ na miaƒe atsuwo bena: Miku aha vɛ míano!