Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 3:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Magbã vuvɔŋɔlixɔ akpe ɖe ɖzomeŋɔlixɔ ŋu, nyiɖuxɔwo atsrɔ̃, eye xɔ gbogboawo nu ayi; Yehowa ye gblɔe!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Magbã kesinɔtɔwo ƒe aƒe nyuiwo, akaka woƒe vuvɔŋɔlixɔ dranyiwo kple woƒe dzomeŋɔlixɔwo. Matsrɔ̃ woƒe nyiɖuxɔwo, eye magbã woƒe sãwo,” Yehowae gblɔe.

Onani mutuwo Koperani




Amos 3:15
10 Mawu Ofanana  

Axab ŋutinya susɔea kple nusiwo katã wòwɔ, nyiɖuxɔ, si wòtu kple ɖu, siwo katã wotso la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.


Elɔ̃a dzɔdzɔenyenye, eye nèléa fu nu vɔ̃ɖi, eyata Mawu, wò Mawu le si dzidzɔmi na wò ƒo hawòviwo ta.


Yehowa Zebaot gblɔ ɖe to me nam bena: Ne xɔ gbogboawo matrɔ zu gbegbe, eye xɔ gã nyuiawo mazu xɔdowo o fĩ!


Fia la bɔbɔ nɔ vuvɔŋɔlixɔ me le dzinu asiekelia me, eye sonu, si me wodo dzo ɖo la, le eƒe akɔ me.


Eyata mada dzo ɖe Yuda, ne wòafia Yerusalem ƒe fiasãwo!


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Futɔ ɖe to ɖe wò anyigba godoo, atu ŋusẽ le ŋuwò, eye woaha wò fiasãwo.


Esi miefanya ame dahewo kple afɔ, eye miexɔ blidzɔ le wo si la, eyata miatsɔ kpe fufuwo atu xɔe, gake mianɔ wo me o; miade weingble nyowo, gake miano woƒe wein o.


Elabena kpɔ, ɖa, Yehowa le se de ge, tete woagbã xɔ gãwo, eye xɔ suewo agba gudugudu


Ne Edom gblɔ be; Wogbã mí, ke míagatso aƒeɖoawo, ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne wotsoe hã la, magbãe aƒu anye eye woayɔ wo be, „nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe anyigba“ kple „dukɔ, si ŋu Yehowa do dziku ɖo ɖikaa“.


Eye Ehud yi egbɔ, esime wòle dziƒoxɔ, si me eya ɖeka nɔna xɔa ya la me. Ehud gblɔ ne bena: Mehe Mawu ƒe gbe vɛ na wò! Tete wòtsi tre tso eƒe zikpui la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa