Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 3:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Gbesigbe mahe to na Israel ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ la, mahe to na Betel ƒe vɔsamlekpuiwo hã, eye woaŋe vɔsamlekpui la ƒe dzowo woage adze anyi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Gbe si gbe mahe to na Israel ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta la, gbe ma gbe kee matsrɔ̃ legba siwo katã le Betel. Woaŋe vɔ̃samlekpui la ƒe dzowo woage ɖe anyigba.

Onani mutuwo Koperani




Amos 3:14
15 Mawu Ofanana  

Egbã vɔsamlekpui, si le Betel hã, eya nye nuxeƒe, si Yerobeam, Nebat vi, amesi ble Israel de nuvɔ̃ me la ɖi; egbã vɔsamlekpui sia hã, eye wòtɔ dzo nuxeƒe la hetui memie, eye wòtɔ dzo Asera la.


Esi wowu nusiawo katã nu vɔ la, Israel blibo, si va la, ho yi Yuda-duwo me, eye wogbã aƒeliwo, wòmũ Aserawo, eye wogbã nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo le Yuda blibo la. Benyamin, Efrayim kple Manase, vaseɖe esime wogblẽ wo keŋkeŋ. Emegbe Israel-viwo katã dome amesiame gbugbɔ yi eƒe du me le eƒe anyigba dzi.


Heyi ko, eye nakplɔ dukɔ la ayi teƒe, si megblɔ na wò la, eye nye dɔla adze ŋgɔwò. Gake ne nye toheɣi ɖo la, maxe woƒe nuvɔ̃wo ŋuti fe na wo.


Wodraa afɔ ɖe awɔbavɔ dzi le vɔsamlekpuiwo katã gbɔ, eye wonoa nyadrɔ̃ha le woƒe mawuwo ƒe me.


Miyi Betel, ne miaɖawɔ nu tovo; miyi Gilgal, ne miaɖawɔ nu tovo ɖe edzi! Misa miaƒe vɔwo ŋdi sia ŋdi, eye mitsɔ miaƒe nuwo ƒe ewoliawo ɖeka sa vɔe ŋkeke etɔ̃etɔ̃.


Tete Amazya, amesi nye nunɔla le Betel la, dɔ ame ɖo ɖe Israel-fia Yerobeam, ne woagblɔ nɛ bena: Amos ɖo gbe ɖi ɖe ŋuwò le Israel ƒe aƒe la dome; anyigba la magaɖo dzi atso eƒe nyawo katã o.


Ke megagblɔ nya ɖi le Betel azɔ o; elabena fia ƒe kɔkɔeƒe kple fiaɖuƒe ƒe gbedoxɔ wònye.


Isak ƒe nuxeƒewo azu gbegbe, Israel ƒe kɔkɔefewo azu aƒedo, eye matso yi atso ɖe Yerobeam ƒe aƒe la ŋu.


Eye mekpɔ Aƒetɔ la wòtsi tre ɖe vɔsamlekpui la dzi gblɔ bena: Ŋe kɔ le sɔtiawo nu, ne kpuiawo nadzo kpekpekpe, eye nagbã wo ɖe wo katã ƒe ta dzi! Matsɔ yi awu wo viwoe, wo dometɔa ɖeke masi o, eye amea ɖeke makpɔtɔ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa