Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 2:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ale Yehowa gblɔ esi: Le Yuda ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena wogbe Yehowa ƒe se, eye womelé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi o, ke boŋ wona woƒe alakpalegba, siwo yome wo fofowo dze la, kplɔ wo trae.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Yuda ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena egbe nu le Yehowa ƒe seawo gbɔ, eye wògbe eƒe ɖoɖowo dzi wɔwɔ, ke boŋ ena eƒe alakpalegba siwo yome wo fofowo dze la kplɔe trae,

Onani mutuwo Koperani




Amos 2:4
53 Mawu Ofanana  

Ke Yuda hã melé Yehowa, eƒe Mawu ƒe seawo me ɖe asi o, eye wozɔ le ɖoɖo, siwo Israel ɖo la nu.


Esime Amazya ɖu Edomtɔwo dzi, eye wògbɔ la, ehe Seir-viwo ƒe mawuwo gbɔe, eye wòli mawuawo na eɖokui; ede ta agu na wo, eve wòɖo dzudzɔ na wo


Miganɔ abe mia fofowo kple mia nɔviwo, amesiwo meɖi anukware na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la o, eye wòtsɔ wo wɔ bibidonui, abe alesi miele ekpɔmi ene la ene o.


Míewɔ nu gbegblẽ de ŋuwò, eye míewɔ se, ɖoɖo kple kɔnu, siwo nede asi na wò dɔla Mose la dzi o.


Tete wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò, wotsɔ wò se la ƒu gbe ɖe megbe, eye wowu wò nyagblɔɖila, siwo xlɔ̃ nu wo, be wioatrɔ wo ɖe ŋuwò la, eye wobɔ ahɔhlɔ ga.


Elabena miegblɔ be: Míebla nu kple ku, eye mie ɖu dzo kple tsieƒe. Atam, si le nyènyem le yiyim la, mava mía gbɔ o, elabena míetsɔ aʋatso wɔ míaƒe sitsoƒee, eye míebe de alakpa gbɔ.


Amesi le dzofi yome la, dzi bleamee flui, maɖe eƒe agbe o, eye magblɔ na eɖokui o be: Ɖe menye aʋatsoe melé ɖe nuɖusi oa?


ekema naɖo ŋu na wo bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Elabena mia fofowo gblẽm ɖi, eye wodze mawu tutɔwo yome, wosubɔ wo, eye wode ta agu na wo, ke wogblẽ nye ya ɖi, eye womelé nye seawo me ɖe asi o.


Ke miawo miewɔ nu gbegblẽ wu mia fofowo, mia dome amesiame dze eƒe dzimesesẽ vɔ̃ɖi yome, eye miegbe toɖoɖom.


Ke ne miegbe toɖoɖom, miekɔ dzudzɔgbe la ŋu o, eye mietsɔ agba ge ɖe Yerusalem ƒe agbowo me le dzudzɔgbe dzi la, ekema mado dzo ɖe eƒe agbowo nu, be wòafiã Yerusalem ƒe fiasãwo, eye matsi o.


Anyigba, see! Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava dukɔ sia dzi wòanye woƒe tamesusuwo ƒe kutsetse, elabena womeɖo to nye nyawo o, eye wodo vlo nye se la.


ahasia ɖe ɣe kple ɣleti kpakple dziƒo ŋu nuwo nu, nusiwo ƒe nya wolɔ̃, eye wosubɔ, wodze wo yome, wobia nu wo se, eye wode ta agu na wo; womafɔ wo o, eye womatsɔ wo aɖi o, eye woazu gbeɖuɖɔ le anyigba dzi.


Ŋu akpe nunyalawo, dzi aɖe le wo ƒo, eye asi atu wo; kpɔ ɖa, Yehowa ƒe nya wogbe, nunya kae hele wo si azɔ ma?


eyata ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mana atsa dukɔ sia wòaɖu, eye makpe aɖitsi nɛ wòano,


Esi mietsɔ alakpa do nuxaxa na ame dzɔdzɔe ƒe dzi, evɔ wònye nyemebe, mado nuxaxa nɛ hafi o, eye mieɖo ŋusẽ ame vɔ̃ɖi ƒe asi, be magatrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi, ne woatsi agbe o la,


Ke Israel ƒe aƒe la sẽ to de ŋunye le gbea dzi; womezɔ de nye ɖoɖowo nu o, wodo vlo nye se, siwo, ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe la, eye wogblẽ kɔ do na nye dzudzɔgbewo vevie ŋutɔ. Tete meɖo be, matrɔ nye dziku aƒo de wo dzi le gbea dzi, eye matsrɔ̃ wo.


le esi wodo vlo nye seawo, womezɔ de nye dodowo nu o, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye dzudzɔgbewo ta; elabena woƒe dzi dze woƒe legbawo yome.


Eye megblɔ na wo viwo le gbea dzi bena: Migazɔ de mia fofowo ƒe ɖoɖowo nu o, migalé woƒe sewo me ɖe asi o, eye migatsɔ woƒe legbawo gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui o!


le esi womewɔ nye sewo dzi o, eye woɖo vlo nye ɖoɖowo, wogblẽ kɔ ɖo na nye dzudzɔgbewo, eye woƒe ŋkuwo le wo fofowo ƒe legbawo yome la.


Eyata gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mietsɔ mia fofowo ƒe zɔzɔme le kɔ gblẽm ɖo na mia ɖokui, eye miele woƒe ŋunyɔnuwo yome dzem;


Woƒe nyagblɔɖilawo sia akalo ɖe nu ŋu na wo, wokpɔa aʋatso-ŋutega, eye wogblɔ alakpanya ɖi na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi; evɔ wònye Yehowa meƒo nu o hafi.


Eɖoa vlo nye kɔkɔeƒe la, eye negblẽa ko ɖo na nye dzudzɔgbewo.


Efrayim melɔ̃a nu le ya gbɔ o, eye wòtia ɣedzeƒeya yome; ele alakpadada kple ŋutasesẽ dzim de dzi gbesiagbe, eɖua dzo kple Asur, eye wòɖoa ami ɖe Egipte.


Yehowa le nya he ge kple Yuda, ahe to na Yakob le eƒe zɔzɔme nu, eye wòaɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ.


Yuda, wodo nuŋeɣi ɖi na wò hã, ne megaɖo nye dukɔ te.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le Damasko ƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ etɔ̃ kple eneawo ta la, nyematsɔe akee o; elabena emli galuƒotasiaɖam to Gilead dzi.


Miawo koe menya le anyigba dzi ƒomeawo katã dome; eyata mahe to na mi le miaƒe vodadawo katã ta.


Elabena woƒe kesinɔtɔwo yɔ fũ kple ŋulasesẽ, duametɔwo ka aʋatso, eye alakpaɖe le nu me na wo.


Viɖe ka nye aklama kpakpɛ be, ekpala kpae, eye viɖe ka nye legba kɔkɔ kple alakpanufiala be, legbamela le dzi ɖom ɖe eƒe legba ŋu, esi wòwɔ legba maƒonuwo?


amesiwo tso Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔ li aʋatsokaka, eye wovɔ̃, eye wosubɔ nuwɔwɔ wu wɔla, si wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.


Eyaŋuti amesi ke doa vlo esia la, menye amee wòdoa vloe o, ke boŋ Mawu, amesi na eƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe mí lae wòdoa vloe.


elabena mienyae bena, menye nu gbegblẽ, siwo nye klosalo alo sika la, wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso miaƒe yakanyinɔnɔ, si su mia si tso mia fofowo gbɔ la me o,


Eye Israel-viwo yi dzi wɔ nusi medze Yehowa ŋu o, eye wosubɔ Baalwo kple Astarot, Aramtɔwo ƒe mawuwo, Zidontɔwo ƒe mawuwo, Moabtɔwo ƒe mawuwo, Amon-viwo ƒe mawuwo kple Filistitɔwo ƒe mawuwo, ke wogblẽ Yehowa ɖi, eye womesubɔe o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa