Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 2:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 aŋutrɔdala manɔ te o, afɔ tsɔtsɔe tɔ masi o, eye sɔdola maɖe eƒe agbe o;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Aŋutrɔdala manɔ te adae o, asrafo zazɛ̃wo mate ŋu asi o, eye sɔdola nyuitɔ mate ŋu ado sɔ asi le tsɔtsrɔ̃ la nu o.

Onani mutuwo Koperani




Amos 2:15
8 Mawu Ofanana  

Eye megakpɔ le ɣea te be, duƒuƒu mele alo ɖablae me o, aʋawɔwɔ mele kalẽ me o, nuɖudukpɔkpɔ mele nunya me o, kesinɔnu mele ayedzedze me o, eye ŋudzedzekpɔbpɔ mele nugɔmesese me o, ke boŋ azãgbe kple nudiɖeame li na wo katã.


Ke Egiptetɔwo la, amegbetɔwo wonye, menye Mawu o; woƒe sɔwo la, ŋutilã wonye, menye gbɔgbɔ o; eye ne Yehowa do eƒe asi ɖa la, ke aɖe le xɔnametɔ la te, eye amesi wòle xɔxɔm na la, adze anyi, eye woa kple eve la siaa nu ayi.


Elabena nugblẽla aƒo ɖe Babel dzi, eye wòaɖe aboyo eƒe kalẽtɔwo, eye woƒe dawo aŋe, elabena Mawu nuteƒeɖola enye Yehowa, eye ahe to kokoko.


Maƒo dati da le mia na wò, eye wò aŋutrɔwo age le ɖusi na wò.


Eye mekpɔ Aƒetɔ la wòtsi tre ɖe vɔsamlekpui la dzi gblɔ bena: Ŋe kɔ le sɔtiawo nu, ne kpuiawo nadzo kpekpekpe, eye nagbã wo ɖe wo katã ƒe ta dzi! Matsɔ yi awu wo viwoe, wo dometɔa ɖeke masi o, eye amea ɖeke makpɔtɔ o.


mamũ fiaɖuƒewo ƒe fiazikpuiwo aƒu anyi, eye miatsrɔ̃ dukɔwo ƒe fiaɖuƒe sesẽwo, mamũ tasiaɖamwo kple wo me nɔlawo aƒu anyi, sɔwo kple wo dolawo adze anyi, eye amesiame atsi ehavi ƒe yi nu.


Woanɔ abe kalètɔwo ene ahafanya gbeɖuɖɔ le kpɔdomeewo le aʋa me; woawɔ aʋa, elabena Yehowa li kpli wo, eye sɔdolawo aɖu ŋukpe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa