Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 2:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ale Yehowa gblɔ esi: Le Moab ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o, elabena etsɔ Edom-fia ƒe ƒuwo me akaloe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Moab ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena etsɔ Edom fia ƒe ƒuwo me akaloe.

Onani mutuwo Koperani




Amos 2:1
22 Mawu Ofanana  

Ale Israel-fia kple Yuda-fia kpakple Edom-fia woyi, eye wozɔ mɔ ŋkeke adre sɔŋ; ke tsia ɖeke meli na aʋakɔ la kple lã, siwo le wo ŋu la o.


Yehowa ƒe ŋku le vɔ̃ kple nyui ŋu le afiawo katã.


Woadzo ɖe abɔta na Filistitowo le ƒu gome, eye woaƒo ƒu aɖaha ɣedzeƒeviwo, woake asi ɖe Edom kple Moab ŋu, eye Amon-viwo aɖo to wo.


Míese Moab ƒe dàda, alesi wòle asi tɔm akɔe vevie, eƒe dàda, eƒe dziku kple eƒe nu kpoloe ƒoƒo ɖe ya me.


Elabena Yehowa ƒe asi aɖiɖi ɖe to sia dzi, eye wòafanya Moab ɖe enɔƒe, abe alesi wofanyaa gbe ɖe agboti me ene;


na Edom, Moab kple Amon-viwo;


Ale Yehowa gblɔ esi. Le Edom ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena etsɔ yi ti nɔvia yome, eye wòmia ŋku ɖe nublanuikpɔkpɔ dzi na eɖokui, ele nu vuvum ɖaa le dɔmedzoe me, eye wòlé dziku ɖe dɔ me ɖikaa.


Ale Yehowa gblɔ esi. Le Amon-viwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe; ake wo o; elabena wodze ƒo le Gilead ƒe funɔwo nu, ne woakeke woƒe anyigba ɖe enu.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le Damasko ƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ etɔ̃ kple eneawo ta la, nyematsɔe akee o; elabena emli galuƒotasiaɖam to Gilead dzi.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le Gaza ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena woɖe amewo keŋkeŋ, be woakplɔ wo ayi aɖade asi na Edom.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le Tiro ƒe nu vɔ̃ɖi, wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo la, nyematsɔe akee o; elabena woɖe aboyo amewo keŋkeŋ ɖade asi na Edom, eye womeɖo ŋu nɔviwo ƒe nubabla la o.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le Yuda ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena wogbe Yehowa ƒe se, eye womelé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi o, ke boŋ wona woƒe alakpalegba, siwo yome wo fofowo dze la, kplɔ wo trae.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le Israel ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena etsɔ ame dzɔdzɔe dzra ɖe ga nu kple hiãtɔ ɖe atokota dodo ɖeka nu.


Nye ɖukɔ, ɖo ŋu tame, si Moab-fia Balak ɖo, kple alesi Bileam, Beor vi la, ɖo eŋu nɛ; ɖo ŋu nya, siwo dzɔ tso Sitim vaseɖe Gilgal, ne nadze si Yehowa ƒe dɔmenyo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa