7 Eyata mada dzo ɖe Gaza ƒe gliwo dzi, ne wòafiã woƒe fiasãwo.
7 Eya ta matɔ dzo Gaza ƒe gliwo, eye dzo afia eƒe mɔ sesẽwo.
Esi Filistitɔwo vaseɖe Gaza kple eƒe liƒowo gbɔ, tso dzɔlawo ƒe xɔ tsralawo gbɔ vaseɖe du sesẽwo gbɔ.
Eye wòho dawo aʋa kple Filistitɔwo, eye wògbã Gat ƒe gliwo, Yabne ƒe gliwo kple Asdod ƒe gliwo, eye wòtso duwo ɖe Asdod kple Filistitɔwo dome.
Yehowa ƒe gbe, si va na nyagblɔɖila Yeremya ɖe Filistitɔwo ŋu, hafi Farao nava si Gaza, enye si;
Gaza atsi ƒuƒlu, eye woatsrɔ̃ Askalon; ame dzɔtsuwo ƒe susɔeawo, ɣekaɣi miasi blini na mia ɖokui ase ɖo?
Eye wòadze sii be, nyee nye Yehowa, ne medo dzo ɖe Egipte, eye megbã eƒe xɔnametɔwo katã nyanyanya.
Maɖo dzo ɖe Magog kple amesiwo le ƒukpowo dzi bɔkɔɔ la dome, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.
Eyata mada dzo ɖe Xazael ƒe me, eye wòafia Ben-Hadad ƒe fiasãwo.
Ale Yehowa gblɔ esi: Le Gaza ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena woɖe amewo keŋkeŋ, be woakplɔ wo ayi aɖade asi na Edom.
Eye matsrɔ̃ Asdodtɔwo kple amesi lé fiatikplɔ ɖe asi le Askalon, matrɔ nye asi ɖe Ekron ŋu, eye Filistitɔwo ƒe susɔea nu ayi; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!
Elabena Gaza azu du gbɔlo, eye Askalon azu aƒedo; woanyã Asdoɖ le ŋdɔkutsu dzatsɛ, eye woaho Ekron kple ke.
Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mo na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena; „Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.“
Tanye enye hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo le gbesigbe woƒe afa ada; elabena woƒe gbegblẽɣi le aƒe tum, eye nusi woɖo ɖe wo ŋu la, le edzi ɖo ge kaba.