Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 1:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eyata mada dzo ɖe Xazael ƒe me, eye wòafia Ben-Hadad ƒe fiasãwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Eya ta matɔ dzo Fia Hazael ƒe fiasã, eye magbã Ben Hadad ƒe mɔ sesẽwo.

Onani mutuwo Koperani




Amos 1:4
20 Mawu Ofanana  

Tete Yehowa gblɔ nɛ bena: Trɔ gbugbɔ dze wò mo dzi ɖo ta Damasko-tagba, eye nayi aɖasi ami na Xazael, ne wòanye fia ɖe Aram dzi.


tete Yoaxaz vi Yoas gaxɔ du, siwo Xazael xɔ le fofoa Yoaxaz si le aʋa me la, le via Ben-Hadad si. Zi etɔ̃ Yoas sii, eye wògaxɔ Israel-duwo.


Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wotsɔ wo de asi na Aram-fia Xazael kple Xazael vi Ben-Hadad ŋkekeawo katã.


Esia megbe la Aram-fia Ben-Hadad ƒo eƒe aʋakɔ blibo la nu ƒu, eye woho va ɖe to ɖe Samaria.


Tete Asa tsɔ klosalo kple sika le Yehowa ƒe aƒe kple fia ƒe aƒe ƒe nudzraɖoƒe ɖo ɖe Aram-fia Ben-Hadad, amesi le Damasko bena:


Ke ne miegbe toɖoɖom, miekɔ dzudzɔgbe la ŋu o, eye mietsɔ agba ge ɖe Yerusalem ƒe agbowo me le dzudzɔgbe dzi la, ekema mado dzo ɖe eƒe agbowo nu, be wòafiã Yerusalem ƒe fiasãwo, eye matsi o.


Eye matɔ dzo Damasko ƒe gliwo, ne wòafiã Ben-Hadad ƒe fiasãwo.


Eye wòadze sii be, nyee nye Yehowa, ne medo dzo ɖe Egipte, eye megbã eƒe xɔnametɔwo katã nyanyanya.


Maɖo dzo ɖe Magog kple amesiwo le ƒukpowo dzi bɔkɔɔ la dome, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.


Israel ŋlɔ ewɔla he; etu fiasãwo, eye Yuda tso du sesẽwo kpaŋkpaŋ; maɖo dzo ɖe eƒe duwo me, ne wòafiã woƒe fiasãwo.


Eyata mada dzo ɖe Tiro ƒe gliwo dzi, ne wòafiã woƒe fiasãwo.


Eyata mada dzo ɖe Teman, ne wòafiã Bozra ƒe fiasãwo.


Eyata mado dzo ɖe Raba ƒe gliwo ŋu, ne wòafiã woƒe fiasãwo, ne ɣli ɖi le aʋakpegbe, eye ya tso ʋuɖuʋudu le ahomtugbe.


Eyata mada dzo ɖe Gaza ƒe gliwo dzi, ne wòafiã woƒe fiasãwo.


Eyata mada dzo ɖe Moab, ne wòafiã Keriyot ƒe fiasãwo, eye Moab naku le ʋunyarunyawɔwɔ me, ne ɣli ɖi, eye kpẽwo ɖi.


Eyata mada dzo ɖe Yuda, ne wòafia Yerusalem ƒe fiasãwo!


Eye Mawu he nu vlo, siwo katã Sixemtɔwo wo la, va wo dzi. Ale Yotam, Yerub-Baal vi, ƒe fiƒode la ɖi wo ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa