Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 1:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eyata mado dzo ɖe Raba ƒe gliwo ŋu, ne wòafiã woƒe fiasãwo, ne ɣli ɖi le aʋakpegbe, eye ya tso ʋuɖuʋudu le ahomtugbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Eya ta matɔ dzo Raba ƒe gli sesẽwo, eye wòabi eƒe mɔwo le aʋaɣli ƒe ɖiɖi me le aʋakpegbe kple yaƒoƒo sesẽ le ahomtugbe.

Onani mutuwo Koperani




Amos 1:14
20 Mawu Ofanana  

Esi ƒe trɔ, eye fiawo ƒe aʋahoɣi do edzi la, Dawid dɔ Yoab kple eƒe dɔlawo kpakple Israel blibo la, eye wotsrɔ̃ Amon-viwo heɖe to ɖe Raba; ke Dawid tsi Yerusalem.


Eye Yoab wo aʋa kple Amon-viwo ƒe Raba, eye wòxɔ fiadu la.


Eye wòkplɔ dukɔ, si le eme la, ɖaɖo laxalaxadɔwo kple tasiaɖam, siwo wotsɔna ƒoa lui ƒe dowo, fíadɔwo kple kpememedɔwo nu. Alea wòwɔ Amon-viwo ƒe duwo katã me tɔwoe. Eye Dawid kple aʋakɔ blibo la gbugbɔ va Yerusalem.


Esi ƒe trɔ, eye fiawo ƒe aʋahoɣi do edzi la. Yoab kplɔ aʋakɔ la, eye woɖagblẽ Amon-viwo ƒe anyigba, eye wòva ɖe to ɖe Raba; ke Dawid tsi Yerusalem. Eye Yoab si Raba, eye wògbãe.


Ne kpẽ ɖi la, exlɔ̃na be: Eɖo dzi loo! Aʋa kple aʋafia ƒe gbedeɖe kpakple aʋaɣli ƒe ya le edzi dzem tso adzɔge ke!


Alesi dzo bia ave, eye dzo ƒe ade tɔa dzo towoe la,


Yehowa Zebaot atsɔ dziɖegbe kple anyigbaʋuʋu, gbeɖiɖi sesi, ya kple ahom kpakple dzoƒaɖe binu ahe to na wò.


Eye Yehowa ana woase eƒe gãnyenye ƒe gbe, eye woakpɔ eƒe alɔ ƒe ɖiɖiɖeanyi le ɖɔmedzoe ƒe bublu, dzo binu ƒe aɖe, ahom, tsidzadza gãwo kple dzikpewo me.


Elabena wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotso ŋkɔ nɛ be; Nukunu, adaŋudela, Mawu kalẽtɔ, fofo mava, ŋutifafafia,


Kpɔ da, Yehowa ƒe ahom kple eƒe dziku tso, eye yali abla ta na ame vɔ̃ɖiwo kɔtɔɔ.


Eyata Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mana aʋaɣli naɖi ɖe Amon-viwo ƒe Raba ŋu, be woazu anyiglãgo, woatɔ dzo eŋu duwo, eye Israel agaxɔ eƒe domenyinu, Yehowa ye gblɔe.


Mena yi le dzo dam le miaƒe agbowo katã nu, ne dzi nalólo gbanaa, eye ame tsiaʋawo nasɔ gbɔ; ɖe wowɔe, be woada dzo, eye de wonyree de amewuwu ŋu.


Ekema nye hã maƒo asi kpoloe, eye nye dziku nu afa, nye Yehowa ye gblɔe.


ne yi nate ŋu ava Amon-viwo ƒe Raba kple Yerusalem, si ŋu woɖo gli ɖo le Yuda.


Mana Raba nazu kposɔwo ƒe gbeɖuƒe, eye Amon-viwo ƒe anyigba nazu akɔtsyɔƒe na alẽwo; eye miadze sii be, nyee nye Yehowa.


eyata kpɔ ɖa, mado nye asi ɖa ɖe mia ŋu, eye matsɔ mi awɔ nuhaha na dukɔwo, matsrɔ̃ mi ɖa le dukɔwo dome, miabu le anyigbawo dzi gbidii, eye magblẽ mi, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Le nuwuɣi la dziehefia akpe kplii; anyiehefia atsɔ tasiaɖamwo sɔɖolawo kple ʋu geɖewo aho ɖe eŋu, eye woava aƒo ɖe anyigbawo dzi bibibi.


Eyata mada dzo ɖe Moab, ne wòafiã Keriyot ƒe fiasãwo, eye Moab naku le ʋunyarunyawɔwɔ me, ne ɣli ɖi, eye kpẽwo ɖi.


Makaka wo ahlẽ ɖe dukɔ, siwo katã womenya o la ɖome, eye anyigba la atsi anyi aƒeɖoe le wo megbe, ale be amea ɖeke magato edzi ayi o; eye ale woatsɔ anyigba vevi la awɔ gbegbee.


Og, Basan-fia, enye ame dzɔtsu mlɔetɔ, si kpɔtɔ ɖi; eƒe gabati, si le Amon-viwo ƒe du Rabat me la, didi ŋutsu ƒe abɔklugui asieke, eye wòkeke abɔklugui ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa