12 Eyata mada dzo ɖe Teman, ne wòafiã Bozra ƒe fiasãwo.
12 Eya ta matɔ dzo Teman, eye wòabi Bozra ƒe mɔ sesẽwo.”
Elifaz viŋutsuwo nye Teman, Omar, Zefo, Gaetam kple Kenas.
Esi Bela ku la, Serax vi Yobab tso Bozra ɖu fia ɖe eteƒe.
Esi Bela ku la, Yobab, Zerax vi tso Bozra, zu fia ɖe eteƒe.
Elabena nye yi mũ aha le dziƒo, eye woge dze Edom, dukɔ, si medo busui la dzi hena ʋɔnudɔdrɔ̃.
Ʋu ƒo Yehowa ƒe yi, ami ɖoe, alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋue, agbowo ƒe ayikuwo ŋu mie; elabena Yehowa le vɔsa ŋkekenyuie ɖum le Bozra kple lãwu ŋkekenyuie gã le Edom-nyigba dzi.
Amekae nye esi tso Edom gbɔna, eye wole awu dziwo me tso Bozra, amesi tsɔ eƒe awuwo ɖo atsyɔ̃e, eye wòle yiyim le eƒe ŋusẽ geɖe la me? Nyee nye amesi ƒoa nu ɖe eteƒe, eye xɔname bɔ ɖe asinye.
Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne Bozra mazu ŋɔdzinu, alɔmeɖenu, aƒedo kple ɖiŋudonu, eye eƒe duwo katã nazu gbegbe mavɔ o fi!
Eyata mise Yehowa ƒe adaŋu, si wòde ɖe Edom ŋu kple eƒe tame, si wòɖo ɖe Temantɔwo ŋu la: Vavã woakplɔ lã kudɔewo adzoe, eye woƒe lãnyiƒe ƒe nu aku ɖe wo ŋu.
Kpɔ ɖa, egbɔna abe hɔ̃ ene, eye wòadze akeke eƒe aʋala ɖe Bozra dzi, eye Edom-kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ le ɣemaɣi abe nyɔnu, si le ku lém ƒe dzi ene.
Ɖe Edom ŋu: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ɖe nunyaa ɖeke megale Teman o, adaŋudede bu ɖe nunyalawo, eye wotrɔ nunya ƒo ɖe anyia?
eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mado nye asi ɖa ɖe Edom ŋu, eye matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo siaa ɖa le edzi, mana woazu gbegbe, eye woatsi yi nu, tso Teman vaseɖe Deɖan.
Obadya ƒe ŋutega. Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe Edom ŋu enye si: Míese nya tso Yehowa gbɔ, eye woɖo du ɖe dukɔwo dome be: Mitso, ne míaho aʋa ɖe wo ŋu!
Mawu tso Teman, eye kɔkɔetɔ la tso Paran-towo dzi. Sela. Eƒe ŋutikɔkɔe nyẽ tsyɔ dziƒo, eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi taŋ.