Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 1:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ale Yehowa gblɔ esi. Le Edom ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena etsɔ yi ti nɔvia yome, eye wòmia ŋku ɖe nublanuikpɔkpɔ dzi na eɖokui, ele nu vuvum ɖaa le dɔmedzoe me, eye wòlé dziku ɖe dɔ me ɖikaa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Edom ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eɖe Israel ɖe nu kple yi, eye wòlé dziku ɖe dɔ me ɖikaa, hegbe be yemakpɔ nublanui nɛ o.

Onani mutuwo Koperani




Amos 1:11
28 Mawu Ofanana  

Azɔ kpɔ ɖa, Amon-viwo kple Moab-viwo kpakple amesiwo le Seir-towo dzi, amesiwo dome mèɖe mɔ na Israel, be woato, esime wotso Egipte o, ke boŋ wode axa na wo, eye wometsi wo o la,


kpɔ ɖa, woawoe nye esi, be yewoawɔ vɔ̃ ɖe mia ŋu, eye wova, be yewoanyã mi ɖa tso wò anyigba, si nètsɔ na mi la dzi.


Ke Edomtɔwo gava, wosi Yuda, eye woɖe aboyo amewo.


Yehowa, do ŋku Edom-viwo kple Yerusalem ƒe ŋkeke la dzi, amesiwo gblɔ be: Migbãe, migbãe vaseɖe gɔmegɔmea ke!


Gatrɔ ɖe mía ŋu, mía xɔname Mawu, eye nadzudzɔ wò adãwɔwɔ ɖe mía ŋu!


Wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nana.


Elabena nyemanɔ dzre hem godogodo o, eye nyemanɔ dɔmedzoe dom ɖaa o; elabena nu ava te gbɔgbɔ ŋu le ŋkunye me kple luʋɔ, siwo mewɔ la ŋu.


Israel do vlo nu nyui; futɔ neti eyome!


Mawu kae ɖe nuwò? Wò amesi tsɔa vodada kena, eye mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlea ƒe dzidada ŋu o; meléa dɔmedzoe ɖe ɖɔ me ɖikaa o, eye amenuveve ƒe nu dzea ŋuwò.


eye dzi akum vevie ɖe dukɔ dadalawo ŋu; elabena esi dɔ me nya vem vie ko la, woawo kpe asi ɖe eŋu hetrɔ gbegblẽ la ɖo.


Ale Yehowa gblɔ esi: Melɔ̃ mi. Eye ne miebe: Nuka nètsɔ lɔ̃ mí hã la, ale Yehowa gblɔ esi: Ɖe menye Yakob nɔvie nye Esau oa? Melɔ̃ Yakob,


Ne Edom gblɔ be; Wogbã mí, ke míagatso aƒeɖoawo, ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne wotsoe hã la, magbãe aƒu anye eye woayɔ wo be, „nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe anyigba“ kple „dukɔ, si ŋu Yehowa do dziku ɖo ɖikaa“.


Azɔ la mizu mawusrɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene,


Megadi nyuie alo dzɔgbenyuie na wo le wò agbe me ŋkekewo katã me gbeɖe o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa