Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 9:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye esi wòle dzodzom nyanyanya, eye dzidzi ƒoe la, egblɔ bena; Aƒetɔ, nuka dim nèle, be mawɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Tsi tre, eye nayi ɖe dua me, eye woagblɔ nusi ele be, nawɔ la na wò.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Azɔ tsi tsitre nàyi Damasko dua me; ne èɖo afi ma la, woagblɔ nu siwo nàwɔ la na wò.”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 9:6
33 Mawu Ofanana  

Ŋutsu kae vaa Yehowa? Eya wòafia mɔ, si wòatsɔ lae.


Yehowa, woayra ŋutsu, si nèhe to na, eye nètsɔ wò se le fia nui,


Mekpɔ eƒe mɔwo, mayɔ dɔe, makplɔe, eye mafa akɔ na eya kple eƒe nuxalawo.


Yehowa be: Nye asie wɔ nusiawo katã, ale be nusiawo katã li. Ke melé ŋku ɖe amesiwo ŋu: ɖe hiãtɔwo kple amesiwo ƒe gbɔgbɔ wote ɖe anyi, eye wovɔ̃a nye nyawo la ŋu.


Eye wògblɔ nam bena: Amevi, tsi tre ɖe wò afɔ dzi, ne maƒo nu kpli wò.


Eye Yehowa ƒe asi va dzinye le afima wògblɔ nam bena: Tso nayi bali la me, ne maƒo nu kpli wò le afima!


Mesee, eye nye dɔme ʋuʋu, nye nuyiwo le ƒoƒom kokóko, eye ŋuɖui ɖo ƒuwo me nam; ne metsi tre ɖi la, menɔa dzodzom nyanyanya, elabena mele anyi nɔ ge kpoo akpɔ hiãɣi, si le dukɔ, si xaxa mí ɖo la dzi va ge.


Ke ame geɖe, siwo nye mlɔetɔwo, lazu gbãtɔwo, eye gbãtɔwo lazu mlɔetɔwo.


Eye amehawo biae bena: Ekema nuka wɔ ge míala?


Eye wogblɔ bena: aʋafia Kornelio, ame dzɔdzɔe kple amesi vɔ̃a Mawu, amesi ŋuti Yuda-dukɔ blibo la katã ɖi ɖase nyuie le la, eya mawudɔla kɔkɔea ɖe de se na be, nedɔ, ne woayi ɖayɔ wò va eƒe me, bena wòase nyawo tso gbɔwò.


Eyata da ame ɖo ɖe Yope, ne woaɖayɔ Simon, si woyɔna be Petro la ve; amesia dze Simon ɖe, si tea kpe agbalẽ la, ƒe me le ƒua nu; ne amesia va la, aƒo nu na wò.


amesia dze Simon, asi tea kpe agbalẽ la; gbɔ, amesi ƒe aƒe le ƒua nu; eya agblɔ nusi le be, nawɔ la na wò.


Ke esi wose esia la, etɔ woƒe dzi me, eye wogblɔ na Petro kple apostolo mamleawo bena: Ŋutsuwo kple nɔviwo! Nuka wɔ ge míala?


Eye megblɔ bena: Nuka mawɔ, Aƒetɔ? Ke Aƒetɔ la gblɔ nam bena: Tsi tre, ne nayi Damasko: eye afima woagblɔ nusiwo katã woɖo ɖi na wò be nawɔ la, na wò.


Gake la fɔ, eye natsi tre ɖe wò afɔwo dzi, elabena esia ta meɖe ɖokuinye fia wò ɖo, bena maɖo wò nanye dɔla kple ɖaseɖila le nusiwo nèkpɔ kple nusiwo magaɖe afia wò la ŋuti;


Eye wògblɔ bena: Wò amekae, Aƒetɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Nyee nye Yesu, amesi yome tim nèle; asẽ na wò be, nada afɔkpo nutɔnu.


Ke Yesaya do dzi, eye wògblɔ bena: „Amesiwo medim o la, wokpɔm, eye meɖe ɖokuinye fia amesiwo mebia tanye se o la.“


Elabena esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole didim bena, woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, womebɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.


Ke se la va tra ɖe eme, bene vodada la nasɔ gbɔ ɖe dzi; ke afisi nuvɔ̃ la sɔ gbɔ le la, amenuveve la sɔ gbɔ geɖe wu,


Ke nye la mena agbe semanɔsitɔe tsã; ke esi sedede va la, nuvɔ̃ la gbɔ agbe,


Eyaŋuti, nye lɔlɔ̃tɔwo, abe alesi mieɖoa to ɖaasi ene la, mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wo mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la; menye abe esime menɔ mia gbɔ ene la ɖeɖeko o, ke boŋ azɔ, esi nyemele mia gbɔ o la, miwɔe geɖe wu!


Ke ena amenuveve geɖe wu. Eyaŋuti wogblɔ bena: „Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.“


Kpe Isai va vɔsa la gbɔ, eye mana nanya nusi nawɔ asi ami na amesi magblɔ na wò la nam!


Ke esi Saul kpɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔa la, evɔ̃, eye dzika tso eƒo ŋuta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa