Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 9:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye wògblɔ bena: Wò amekae, Aƒetɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Nyee nye Yesu, amesi yome tim nèle; asẽ na wò be, nada afɔkpo nutɔnu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Saulo bia kple vɔvɔ̃ be, “Wò ame kae le nu ƒom, Aƒetɔ?” Gbea ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 9:5
15 Mawu Ofanana  

Dzi nyanu le esi, eye eƒe ŋusẽ kako. Ameka tsi tre ɖe eŋu, eye megbe kpɔdodoe o?


Migbugbɔ nu na via, be megado dɔmedzoe, eye miatsrɔ̃ le mɔ ta o! Elabena esusɔ ʋee, eƒe dɔmedzoe nafla. Woayra amesiwo katã sii tso la!


Baba na amesi le dzre hem kple emèla, sonu gaglɛ wònye le anyisonu gaglɛwo dome! Ɖe tsu agblɔ na emela be: Nuka wɔm nèle? alo eƒe dɔwɔwɔ nagblɔ be: Mèto asi oa?


Ke Petro gblɔ bena: Kpao, Aƒetɔ, elabena nyemeɖu nusianu, si nye nu dzodzro kple nu makɔmakɔ kpɔ o.


Eye esi mi katã miedze anyi la, mese gbea ɖe ƒo nu nam le Hebri-gbe me bena: „Saul, Saul! Nuka wo nèle yonyeme tim? Esẽ na wò be, nada afɔkpo nutonu.“


Nye la mebu le ɖokuinye me bena, ele nam be, mawɔ nu geɖe, siwo atsi tre ɖe Yesu, Nazaretetɔ la, ƒe ŋkɔ la ŋuti.


ke ne etso Mawu gbɔ la, miele eŋu te ge agblẽe o, bena womagakpɔ mi abe amesiwo le tsitre tsim ɖe Mawu ŋuti ene o.


eye wòdze anyi, eye wose gbea ɖe le gbɔgblɔm ne bena: Saul, Saul, nuka wo nèle yonyeme tima?


Eye esi wòle dzodzom nyanyanya, eye dzidzi ƒoe la, egblɔ bena; Aƒetɔ, nuka dim nèle, be mawɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Tsi tre, eye nayi ɖe dua me, eye woagblɔ nusi ele be, nawɔ la na wò.


Alo ɖe miana Aƒetɔ la naʋã ŋua? Ɖe míesesẽ wui mahã?


Yesurun ɖa ami, eye wòda afɔkli. Eye esi nèda ami klã, eye nèkpɔ lãme la, egblẽ Mawu, si wɔ wò la ɖi, eye nedo vlo agakpe, si nye wò xɔxɔ.


Menye ɖe nye asi su edzi xoxo, alo mezu blibo xoxo o; ke eyome tim mele, bena negbe ɖeko nye asi lasu nusi ke ŋuti Kristo hã ƒe asi su dzinye ɖo la dzi.


nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa