Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 9:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Eye wose nusia le Yope katã, eye ame geɖewo xɔ Aƒetɔ la dzi se.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

42 Nukunya sia kaka ɖe Yopa du blibo la me, eye ame geɖewo ŋutɔ trɔ hexɔ Aƒetɔ la dzi se.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 9:42
17 Mawu Ofanana  

Eye Salomo xlẽ amedzro, siwo katã le Israel-nyigba dzi, le alesi fofoa Dawid xlẽ wo la nu, wole ŋutsu akpe alafa ɖeka blaatɔ̃ vɔ etɔ̃ kple alafa ade.


Ke Yona tso, be yeasi le Yehowa ŋku me ayi Tarsis. Eye esi wòva Yafo, eye wòkpɔ ʋua ɖe, si le Tarsis yi ge la, exe fe, eye wòɖoe, be yeasi atso Yehowa ŋku me ayi Tarsis kpli wo.


Eye esi Yesu see la, egblɔ bena: Dɔ sia menye kudɔe o, ke boŋ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, bena woakɔ Mawuvi la ŋuti to eyama me.


Azɔ Yudatɔwo dome ame geɖe, siwo va Maria gbɔ, eye wokpɔ nusiwo Yesu wɔ la, woxɔ edzi se.


elabena le eyama ta Yudatɔwo dome ame geɖewo dzo yi, eye woxɔ edzi se ɖo.


Ke Yesu do ɣli, eye wògblɔ bena: Amesi xɔa dzinye sena la, menye dzinye xɔm wòle le sesem o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la dzie.


Azɔ dɔ ŋutsuwo ɖo ɖe Yope, ne wòaɖakpe Simon, sii woyɔna be Petro la vɛ;


eye esi woxlẽ nya siawo katã fia wo la, edɔ wo: ɖo ɖe Yope.


eye wòka eta na mí, alesi wòkpɔ mawudɔla la le tsitre le eƒe me, eye wògblɔ bena: Dɔ ame ɖo ɖe Yope, ne woaɖayɔ Simon, si woyɔna be Petro la vɛ,


Eye Aƒetɔ ƒe asi li kpli wo, eye ame geɖewo xɔe se, eye wotrɔ va Aƒetɔ la gbɔ.


Mele Yope-dua me le gbe dom ɖa, eye le ŋutega me la mekpɔ nane le ɖiɖim ɖe anyi abe aklala gãa ɖe, si wosa kɔ dzogoe ene me nɛ ene heɖi tso dziƒo va gbɔnye.


Eye amesiwo katã nɔ Lida kple Saron la kpɔe, eye wotrɔ va Aƒetɔ la gbɔ.


Eye nyɔnu-nusrɔ̃laa ɖe le Yope, amesi ŋkɔ nye Tabita, si gɔmee nye zi, eya la yɔ fũ kple dɔ nyui wɔwɔ kple dɔmenyonu, siwo wòwɔna.


Ke esi Lida te ɖe Yope ŋu, eye nusrɔ̃lawo se bena, Petro le afima la, wodɔ ŋutsu eve ɖo ɖe egbɔ ɖe kuku nɛ bena, megatsi anyi, hafi ava yewo gbɔ o.


Ke eva me bena, enɔ Yope xɔ ŋkeke geɖe le Simon ɖe, si fea kpe agbalẽ la gbɔ.


Me-Hayarkon kple Harakon kple eƒe anyigba, si le Yafo kasa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa