Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 9:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Eye nyɔnu-nusrɔ̃laa ɖe le Yope, amesi ŋkɔ nye Tabita, si gɔmee nye zi, eya la yɔ fũ kple dɔ nyui wɔwɔ kple dɔmenyonu, siwo wòwɔna.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

36 Nyɔnu nusrɔ̃la aɖe nɔ Yopa dua me si woyɔna be Tabita (si woyɔna le Helagbe me be Dɔkas). Nyɔnu sia nye xɔsetɔ si wɔa dɔmenyo na amewo ŋutɔ, vevietɔ ame dahewo.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 9:36
30 Mawu Ofanana  

Eye Salomo xlẽ amedzro, siwo katã le Israel-nyigba dzi, le alesi fofoa Dawid xlẽ wo la nu, wole ŋutsu akpe alafa ɖeka blaatɔ̃ vɔ etɔ̃ kple alafa ade.


Wotsɔ ga na kpefulawo kple atikpalawo, eye wotsɔ nuɖuɖu kple nunono kpakple ami na Sidontɔ vo kple Tirolɔwo, ne woatsɔ sedertiwo atso Libanon dzi ato ƒu dzi ava Yafo, abe alesi Persia-fia Kores ɖe gbe na woa ene.


eya, si nye zinɔ dzeameŋu kple sãde nyo la, eƒe no nemu wò, eye eƒe lɔlɔ nena nanɔ ya mum ɖaa.


Nye lɔlɔ̃tɔ le abe sãde alo zivi ene, ele tsitre ɖe míaƒe gli te xoxo. Ele nu kpɔm to fesre nu, eye wòɖo ŋku ɖe adzrala nu.


Yerusalem-nyɔnuviwo, meta sàde alo zinɔ le gbe me na mi: Miganyɔ lɔlɔ̃ o, mígaʋuʋui o, vaseɖe esime wòadze eya ŋutɔ ŋu hafi!


Nye lɔlɔ̃tɔ, ɖe afɔ mi me, eye nanɔ abe sãde alo zivi, si le atike ʋeʋẽe towo dzi ene!


Ke Yona tso, be yeasi le Yehowa ŋku me ayi Tarsis. Eye esi wòva Yafo, eye wòkpɔ ʋua ɖe, si le Tarsis yi ge la, exe fe, eye wòɖoe, be yeasi atso Yehowa ŋku me ayi Tarsis kpli wo.


Nenema ke amesi xɔ eve la, ɖe vi eve ɖe wo dzi.


Nyee nye weinti la, miawo míenye alɔwo. Amesi nɔa menye, eye nye hã menɔa eme la, eya tsea ku geɖe: elabena nye manɔmee la miele eŋute ge awɔ naneke o.


Esia me wokɔ Fofonye ŋuti le, bena mietsea ku geɖe, eye miazu nye nusrɔ̃lawo.


Tete wòyɔ wo va me, eye wòwɔ amedzro na wo. Eye esi ŋu ke la, etsi tre, eye wòyi kpli wo, eye nɔvi, siwo le Yope la, dometɔa ɖewo kpe ɖe eŋu.


eye wògblɔ bena: Kornelio, wose wò gbedodoɖa, eye woɖo ŋku wò dɔmenyowɔwɔwo dzi le Mawu ƒe ŋku me.


eye esi woxlẽ nya siawo katã fia wo la, edɔ wo: ɖo ɖe Yope.


eye wòka eta na mí, alesi wòkpɔ mawudɔla la le tsitre le eƒe me, eye wògblɔ bena: Dɔ ame ɖo ɖe Yope, ne woaɖayɔ Simon, si woyɔna be Petro la vɛ,


Mele Yope-dua me le gbe dom ɖa, eye le ŋutega me la mekpɔ nane le ɖiɖim ɖe anyi abe aklala gãa ɖe, si wosa kɔ dzogoe ene me nɛ ene heɖi tso dziƒo va gbɔnye.


Ke esi Lida te ɖe Yope ŋu, eye nusrɔ̃lawo se bena, Petro le afima la, wodɔ ŋutsu eve ɖo ɖe egbɔ ɖe kuku nɛ bena, megatsi anyi, hafi ava yewo gbɔ o.


Eye wose nusia le Yope katã, eye ame geɖewo xɔ Aƒetɔ la dzi se.


Elabena eyama ƒe nuwɔwɔ míenye, wowɔ mí le Kristo Yesu me hena dɔ nyui wɔwɔ, siwo Mawu dzra ɖo ɖi, bene miazɔ le wo me la.


bene dzɔdzɔenyenye ƒe ku, si wotsena to Yesu Kristo dzi la, nayɔ mi fũ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.


bene miazu alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia do nyui wɔwɔ me,


elabena miewɔ esia ke na nɔvi, siwo katã le Makedonia blibo la katã. Ke míele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena miayi dzi geɖe wu,


amesi kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti; ne enyia viwo, ne ewɔa amedzro, ne eklɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋuti, ne ekpena ɖe fukpelawo ŋuti, ne enɔa ɖo nyui sia do nyui wɔwɔ yome.


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


Le nuwo katã me la tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋu le do nyui wɔwɔwo me, megabaɖa nufiafia la o, lé ɖokuiwò nyuie,


Nyateƒenya wònye, eye mele ɖiɖim be, wò la naka ɖe nusiawo dzi, bena amesiwo xɔ Mawu dzi se la, nado vevie anɔ dɔ nyui wɔwɔwo dzi. Nusiawo nyo, eye wonye viɖenu na amewo.


nadzra mi ɖo blibo le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, bena miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu; eye wòawɔ nusi dze eŋu la, le mía me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒoa ɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.


Me-Hayarkon kple Harakon kple eƒe anyigba, si le Yafo kasa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa