Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 9:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke esi wòle mea dzi, eye wògogo Damasko la, kasia keklẽ tso dziƒo klẽ ƒo xlãe;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Esi wòsusɔ vie ko wòaɖo Damasko dua me la, keklẽ gã aɖe klẽ ɖe edzi tso dziƒo.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 9:3
10 Mawu Ofanana  

Etsyɔa kekeli abe avɔ ene, eye wòkekea dziƒo abe agbadɔvɔ ene.


Eye wòva me bena, esi mele mɔ dzi, eye mete tu Damasko, anɔ ɣeɖota la, kasia kekeli, si nu sẽ la, tso dziƒo klẽ ƒo xlãm.


Tete Anania ta dzi yi, eye wòva aƒea me, eye wòda eƒe asiwò ɖe edzi gblɔ bena; Nɔvi Saul, Aƒetɔ la, Yesu, si ɖe eɖokui fia wò le mɔ dzi, esi nègbɔna la, dom ɖa, be nagakpɔ nu, eye ne Gbɔgbɔ kɔkɔe la nayɔ wò fũ.


Ke Barnaba xɔe, eye wòkplɔe yi apostoloawo gbɔ, eye woxlẽe fia wo, alesi wòkpɔ Aƒetɔ la le mo dzi, eye bena eƒo nu nɛ, kple alesi wògblɔ nya dzifeƒotɔe le Yesu ƒe ŋkɔa me le Damasko.


Wo katã megbe la eɖe eɖokui fia nye hã abe fu gegee ene.


Ɖe nyemenye apostolo oa? Ɖe nyemenye ɖokuisime oa? Ɖe nyemekpɔ Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la oa? Menye miawoe nye nye dɔwɔwɔ le Aƒetɔ la me oa?


amesi ko si makumakunyenye le, amesi nɔa anyi le kekeli, si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me, amesi amea ɖeke mekpɔ kpɔ o, eye mate ŋu akpɔe hã o, amesi tɔ lanye bubu kple ŋusẽ mavɔmavɔ! Amen.


Eye dua mehiã ɣe alo ɣleti, bene woaklẽ nɛ o; elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna nɛ, eye Alẽvi la enye eƒe akaɖi.


Eye zã megale dodo ge o; eye womele akaɖi alo ɣe ƒe keklẽ hiã ge o; elabena Aƒetɔ Mawu ana keklẽ wo, eye woaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa