Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 9:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Ke Barnaba xɔe, eye wòkplɔe yi apostoloawo gbɔ, eye woxlẽe fia wo, alesi wòkpɔ Aƒetɔ la le mo dzi, eye bena eƒo nu nɛ, kple alesi wògblɔ nya dzifeƒotɔe le Yesu ƒe ŋkɔa me le Damasko.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Ke Barnabas kplɔ Saulo va apostoloawo gbɔe. Eƒo nu na wo tso ale si Saulo kpɔ Aƒetɔa le Damasko mɔ dzi, nya siwo wògblɔ nɛ kple ale si Saulo gblɔ mawunya kple ŋusẽ tɔxɛ le Yesu ƒe ŋkɔ me la ŋu na wo.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 9:27
20 Mawu Ofanana  

Eye wo ŋutinya ɖi va hame, si le Yerusalem la, ƒe to me, eye wodo Barnaba ɖo de Antioxia.


Eve Barnaba dzo yi Tarso, Saul di ge, eye esi wòkpɔe la, ekplɔe va Antioxia.


Eye Barnaba kple Saul, esi wowu subɔsubɔdɔ nu la, wogbugbɔ tso Yerusalem, eye wotsɔ Yohanes, si woyɔna be Marko la, kpe ɖe wo ɖokui ŋu.


Eye esi wole Aƒetɔ la subɔm, eye wotsia nu dona la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ bena: Azɔ mitia Barnaba kple Saul nam hena dɔwɔwɔ, si ŋuti meyɔ wo ɖo.


Eye esi menye nusese kple anukutsyɔtsyɔ via ɖe wònye dzɔ ɖe woawo kple Paulo kple Barnaba dome o la, woɖo bena, Paulo kple Barnaba kpakple wo dometɔa ɖewo nayi apostolowo kple hamemegã, siwo le Yerusalem la gbɔ le biabia sia ta.


Ke esi wokpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, eye wose bena, ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwo wonye la, woƒe mo wɔ yaa, eye wodze si wo hã bena, woa kple Yesu wonɔ anyi.


Eye azɔ, Aƒetɔ, kpɔ woƒe ŋɔdzidodowo ɖa, eye nana be, wò dɔlawo nagblɔ wò nya la kple dzideƒo katã,


Ke Yosef, amesi apostolowo yɔna hã be Barnaba, esi ƒe gɔme woɖe bena akɔfafavi, si nye Lewitɔ, amesi wodzi le Kipro la, agble le esi,


Tete Anania ta dzi yi, eye wòva aƒea me, eye wòda eƒe asiwò ɖe edzi gblɔ bena; Nɔvi Saul, Aƒetɔ la, Yesu, si ɖe eɖokui fia wò le mɔ dzi, esi nègbɔna la, dom ɖa, be nagakpɔ nu, eye ne Gbɔgbɔ kɔkɔe la nayɔ wò fũ.


eƒo nu, eye wosẽ nu hã kple Helatɔwo; ke woawo ɖi be, yewoawu.


Wo katã megbe la eɖe eɖokui fia nye hã abe fu gegee ene.


Alo ɖe mia kple Barnaba ɖeɖekoe mekpɔ ŋusẽ bena, miagawɔ dɔ oa?


Eye Yudatɔ susɔeawo hã da alakpa kpakplii, ale gbegbe bena, wohe Barnaba hã ɖe woƒe alakpadada la me.


eye esi wodze si amenuveve, si wotsɔ nam la, tete Yakobo kple Kefa kpakple Yohanes, amesiwo wobuna bena, wonye sɔtiwo la, wona habɔbɔ ƒe asi mía kple Barnaba, bene míawo míayi trɔ̃subɔlawo gbɔ, ke woawo woayi aʋatsotsotɔwo gbɔ;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa