Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 9:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke Saul sẽ ŋu ɖe dzi gawu, eye wòna Yudatɔ, siwo le Damasko la ƒe nu tsi te, esi wòfiã kɔte bena, amesiae nye Kristo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Saulo yi eƒe mawunyagbɔgblɔ dzi kple ŋusẽ, ale be Yudatɔ siwo nɔ Damasko la mete ŋu tsi tsitre ɖe eƒe nya siwo ɖee fia kɔtɛe be Yesue nye Kristo la ŋu o.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 9:22
21 Mawu Ofanana  

Ke eva eƒe dati goŋgoŋ, eye eƒe asiwò le tsatsam; elabena exɔ ŋusẽ tso Yakob ƒe ŋusẽtɔ kple Israel ƒe kplɔla kple kpe la gbɔ,


Ke ame dzɔdzɔe alé eƒe mɔ ɖe asi sesĩe, eye asi dzadzɛ tɔ akpɔ ŋusẽ ɖe edzi.


Megatsɔm ƒu gbe le ŋkuwò me o, eye megaxɔ wò gbɔgbɔ kɔkɔe la le asinye o!


Ne woto aɖatsibali me la, wowɔnɛ wòzua tsidzɔƒe; eye aɖatsi tsɔa yayra ɖoa atsyɔ̃ na.


Eyae naa lãmesesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te, eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo.


elabena nye la mana nu kple nunya mi, si ŋuti miaƒe ketɔwo katã mate ŋu atsi tre alo aƒo nu ɖo o.


eye wòle eme ʋum fia wo kɔte bena, ele na Kristo be, woakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome, eye bena amesiae nye Kristo Yesu, amesi ŋutinya gblɔm mele le mia fiam.


Eye esi Sila kple Timoteo wotso Makedonia va la, Paulo lé nya la me ŋutɔ hele ɖase ɖim na Yudatɔwo bena, Yesu yenye. Kristo.


Eye esi woɖo ŋkeke nɛ la, ame geɖewo va egbɔ le eƒe dzeƒe la, amesiwo wògblɔ nya la na hele ɖase ɖim le mawufiaɖuƒe la ŋuti, eye wòle eƒom ɖe wo nu le Yesu ŋuti tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me tso ŋdikanya vaseɖe fiẽ.


Eye enumake wòɖe gbe ƒã le Yesu ŋuti le ƒuƒoƒeawo me bena, eyae nye Mawuvi.


Eye, amesiwo katã see la, kuvia ɖo wo, eye wogblɔ bena: Alo menye eyae nye amesi gblẽ amesiwo yɔa ŋkɔ sia dzi le Yerusalem, eye eyata wòva afisia ɖo, be yeabia wo akplɔ ayi ɖe nunɔlagãwo gbɔe oa?


Eye esi ŋkeke geɖe va yi la, Yudatɔwo de adaŋu, bena yewoawui;


Ke Barnaba xɔe, eye wòkplɔe yi apostoloawo gbɔ, eye woxlẽe fia wo, alesi wòkpɔ Aƒetɔ la le mo dzi, eye bena eƒo nu nɛ, kple alesi wògblɔ nya dzifeƒotɔe le Yesu ƒe ŋkɔa me le Damasko.


hafi Mawu tia xexeame bometsinuwo, bene wòaɖo ŋukpe nunyalawo, eye Mawu tia xexeame gbɔdzɔgbɔdzɔnuwo, bene wòado ŋukpe nu sesẽwo;


Ƒe etɔ̃ megbe la meyi ɖe Yerusalem, Petro nya ge, eye menɔ egbɔ ŋkeke wuiatɔ̃.


Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.


Eye meda akpe na amesi do ŋusẽm, si nye Kristo Yesu, mía Aƒetɔ la be, wòbum nyateƒetɔ, eye wòtsɔm ɖo subɔsubɔ la nu,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa