Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 9:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 eye afisia hã ekpɔ ŋusẽ tso nunɔlagãwo gbɔ, be woabia amesiwo katã yɔa wò ŋkɔ dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Gawu la, míese be ɖe wòxɔ agbalẽ koŋ tso nunɔlagãwo gbɔ be yeava lé ame siwo katã yɔa wò ŋkɔ.”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 9:14
8 Mawu Ofanana  

Ke woawo esiawo katã ɖe mia ŋuti le nye ŋkɔ la ta, elabena womenya amesi dom ɖa la o.


Eye azɔ, nuka wo nèle hehem ɖe megbea? Tsi tre, eye na woade mawutsi ta na wò, eye woaklɔ wò nuvɔ̃wo ɖa, eye nayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi.


Eye esi wòdze klo la, edo ɣli kple gbe sesẽ bena: Aƒetɔ, megado nuvɔ̃ sia teƒe na wo o! Eye esi wògblɔ esia la, eto me do alɔ̃.


Eye, amesiwo katã see la, kuvia ɖo wo, eye wogblɔ bena: Alo menye eyae nye amesi gblẽ amesiwo yɔa ŋkɔ sia dzi le Yerusalem, eye eyata wòva afisia ɖo, be yeabia wo akplɔ ayi ɖe nunɔlagãwo gbɔe oa?


woŋlɔ ɖo ɖe Mawu ƒe hame, si le Korinto la, amesiwo wowɔ kokoe le Kristo Yesu me, tame kokoe, siwo woyɔ kple amesiwo katã yɔa mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi le afisiafi le wo gbɔ kple mía gbɔ la:


Si le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa yome hekpe de amesiwo katã yɔ Aƒetɔ la le dzi dzadzɛ me la ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa