Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 8:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena ame geɖe, siwo me gbɔgbɔ makɔmakɔwo le la, do go hele ɣli dom kple gbe sesẽ; eye wòda gbe le tekunɔwo kple dɔnɔ geɖewo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Enya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me, eye ne wodo go le ameawo me alea la, wonɔa ɣli dom sesĩe. Eyɔ dɔ tekunɔwo kple lãmetututɔwo.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 8:7
16 Mawu Ofanana  

ekema xɔdrɔ̃wo ali kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye; elabena tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba.


Eye wòyɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va egbɔ, hena ŋusẽ wo ɖe gbɔgbɔ blibawo dzi bena, ne woanyã wo aɖo goe, eye ne woaɖe dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖa.


Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.


Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Eye wòdo go kple ɣlidodo hele enyamam ŋutɔ, eye wòzu abe ɖe woku ene; ale bena ame geɖewo gblɔ bena: Eku.


Eye ame blaadre la gbugbɔ va kple dzidzɔ gblɔ bena: Aƒetɔ, gbɔgbɔ vɔ̃wo ke hã doa to mi le wò ŋkɔ la dzi.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔa dzinye sena la, dɔ, siwo wɔm mele la, eya hã awɔe; eye gatɔwo wu esiawo wòawɔ, elabena nye la meyina Fofo la gbɔ.


Eye amehawo tso du, siwo ƒo xlã Yerusalem la hã me ƒo ƒu. Eye wotsɔ dɔlélawo kple amesiwo gbɔgbɔ makɔmakɔwo le fu ɖem na la vɛ, eye woda gbe le wo katã ŋu.


Eye amehawo ɖo to nusi Filipo gblɔ la kple tame ɖeka, esi wosee, eye wokpɔ dzesi, siwo wòwɔ.


eye Mawu ŋuta hã tsɔ dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽnu bubu ƒomevi geɖewo kple Gbɔgbɔ kɔkɔe nana le ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu la, ɖi ɖase hekpe ɖe wo ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa