Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 8:37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 Eye Filipo gblɔ ne bena: Ne èxɔe; se kple wò dzi blibo la katã la, ekema woɖe mɔ na wò. Eye wòxɔ dzi ne gblɔ bena: Mexɔe se bena, Yesu Kristo enye Mawuvi la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

37 Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be èxɔe se tso wò dzi blibo me ko la, ekema naneke mexe mɔ o.” Etiopia ŋutsu la ɖo eŋu be, “Mexɔe se be Yesu Kristoe nye Mawu ƒe Vi la.]”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 8:37
20 Mawu Ofanana  

Eye Simon Petro xa edzi gblɔ bena: Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe vi!


Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, miade mawutsi ta na wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me,


Amesi ke xɔe se, eye wode mawutsi ta nɛ la, woaxɔe ɖe agbe; ke amesi ke mexɔe se o la, wòabu fɔe.


Egblɔ ne bena: E, Aƒetɔ, mexɔe se bena, wòe nye Kristo, Mawuvi la, si gbɔna xexeame.


ke woŋlɔ esiawo ɖi, bena miaxɔ ase bena, Yesu enye Kristo, Mawuvi la, eye bena ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ la me.


Simon Petro ɖo ŋu nɛ bena: Aƒetɔ, ameka gbɔ gɔ̃ míaʋu ayi mahã? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.


Yesu se bena, wonyae ɖo goe, eye esi wokpɔe la, egblɔ bena: Ele Mawuvi la dzi xɔm le sesem mahã?


Eye Petro gblɔ na wo bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mia dome amesiame nana woade mawutsi ta nɛ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke, eye miaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe wòanye nunana.


Eye esi woxɔ Filipo, amesi le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti nyanyuie gblɔm la dzi se la, wode mawutsi ta na wo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.


Gome kple domenyinyia ɖeke mele nya sia me na wò o; elabena wò dzi medzo le Mawu ƒe ŋku me o.


Ke esi wole mɔa dzi heyina la, wova ɖo tsia ɖe gbɔ Eye aƒedzikpɔla la gblɔ bena: Kpɔ ɖa, tsie nye esi, nuka xe mɔ na nye mawutsidedeta mahã?


Eye wòna woto tasiaɖam la, eye woa kple eve la katã, Filipo kple aƒedzikpɔla la, woɖi ɖe tsi la me, eye wòde mawutsi ta nɛ.


Eye enumake wòɖe gbe ƒã le Yesu ŋuti le ƒuƒoƒeawo me bena, eyae nye Mawuvi.


elabena wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena agbexɔxɔ la.


Eyata mana mianyae bena, amesi le nu ƒom le Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, ɖeke megblɔa busunya ɖe Yesu ŋuti o; eye amea ɖeke mate ŋu ayɔ Yesu be Aƒetɔ o, negbe le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me ko.


nusi nye kpɔɖeŋu na mawutsidedetaname, si ɖe miawo hã azɔ, si menye ŋutilãɖiƒoƒo ɖeɖeɖa o, ke boŋ dzitsinya nyui ƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu heto Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me,


Amesi ke ʋua me bena, Yesu ye nye Mawu Vi la, Mawu nɔa eme, eye eya hẽ nɔa Mawu me.


Amesiame, si xɔse bena, Yesu ye nye Kristo la, Mawu me wodzii tso, eye amesiame, si lɔ̃a amesi dzii la, elɔ̃a amesi ke wodzi tso eyama me hã.


Amesi ke xɔa Mawu ƒe Vi la dzi sena la, eya kpɔa ɖaseɖiɖi sia le eɖokui me; amesi ke mexɔa Mawu dzi sena o la, eya do Mawu aʋatsokalae; elabena mexɔ ɖase, si Mawu ɖi le Via ŋuti la, dzi se o.


Amekae nye amesi ɖua xexeame dzi, ne menye amesi xɔnɛ sena bena, Yesu ye nye Mawuvi la o mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa