Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 8:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eye nya, si xlẽm wòle la, enye esi: „Wokplɔe abe alẽ ene yina wuwu ge, eye alesi alẽ zia kpi le amesi le fu sẽm nɛ la ƒe ŋku me la, nenema ke eya hã meke eƒe nu o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 Biblia ƒe akpa si xlẽm wònɔ la gblɔ be, “Wokplɔe abe alẽvi ene yina wuwu ge, eye abe ale si alẽvi nɔa anyi kpoo ne wole eƒe fũwo sẽm ene la, nenema ke eya hã wɔ, meke nu kura o.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 8:32
18 Mawu Ofanana  

Mebe: Malé ŋku ɖe nye zɔzɔme ŋu, ne nyemagawɔ nuvɔ̃ kple nye aɖe o; made ga nye nu, ŋkeke alesi ame vɔ̃ɖi la gale ŋkunye me ko.


Ɖem tso nye dzidadawo katã me; megatsɔm wɔ alɔmeɖenu na bometsilawo o!


Ke nye la mele abe alẽvi mamlã, si wokplɔ yina wuwu ge ene, nyemenyae be, woɖo la me ɖe ŋunye o be: Mina míawu ati la kple eƒe tsetsewo, eye míatsrɔ̃e ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi, ne womagaɖo ŋu eƒe ŋkɔ azɔ o.


Ke wò, Yehowa, edze sim, èkpɔm, eye nedo nye dzi kpɔ le ɖokuiwò gbɔ. He wo ɖawu abe alẽwo ene, eye naɖo wo ɖi hena wuwugbe.


Mana woakplɔ wo ayi wuƒe abe alẽviwo, agbowo kple gbɔ̃tsuwo ene.


nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numevɔsae,


nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numevɔsae;


Eye Yesu gblɔ bena: Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nusi wɔm wole o. Eye esi wòmã eƒe awuwo me la, wodzidze nu ɖe wo dzi.


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


Ke eya gblɔ bena: Aleke mate ŋui, ne amea ɖeke mefiam oa? Eye wòɖe kuku na Filipo bena, neɖo tasiaɖam la, eye wòbɔbɔ nɔ egbɔ.


Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ŋutiwò la wowua mí ʋuu le ŋkeke bliboa katã me, wobua mí abe alẽ, siwo woyina wuwu ge la ene.“


Elabena nusi nye hã mexɔ la, metsɔ de asi na mi gbãgbiagbã bena, Kristo ku le mia nuvɔ̃ ŋuti le ŋɔŋlɔ la nu,


ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi la abe alẽvi, si ŋu mokaka kple kpɔtsotso mele o la, ƒe ʋu ene,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa