Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 8:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke Saul gblẽ hame la hegena ɖe aƒewo me, eye wòhea ŋutsuwo kple nyɔnuwo yi ɖadea gaxɔ me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ke Saulo ɖoe kplikpaa be yeagblẽ hame la. Etsoa aƒe me yia aƒe me, léa ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖadea gaxɔ me.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 8:3
13 Mawu Ofanana  

Ke esi eƒe aƒetɔwo kpɔ bena, woƒe viɖenu, si dzi woɖoa ŋu ɖo la, do go la, wolé Paulo kple Sila, eye wohe wo yi asi me ɖe amegãwo ƒe ŋku me;


Eye megblɔ bena: Aƒetɔ, woawo ŋutɔwo nyae bena, nyee nye amesi nɔa amesiwo xɔa dziwò sena la dem gaxɔ me, eye meƒoa wo le ƒuƒoƒe sia ƒuƒoƒe,


Eye woƒu kpe Stefano, si le gbe dom ɖa le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ Yesu, xa nye gbegbe la!


Eye ŋutsu, siwo vɔ̃a Mawu la, ɖi Stefano, eye wofa konyi nɛ ŋutɔ.


Eye, amesiwo katã see la, kuvia ɖo wo, eye wogblɔ bena: Alo menye eyae nye amesi gblẽ amesiwo yɔa ŋkɔ sia dzi le Yerusalem, eye eyata wòva afisia ɖo, be yeabia wo akplɔ ayi ɖe nunɔlagãwo gbɔe oa?


Elabena nye enye suetɔ le apostoloawo dome, amesi medze be, woayɔ be apostolo o, elabena meli Mawu ƒe hame la yome.


Elabena miese nye tsãnyinɔnɔ le Yudatɔnyenye me bena, meɖikpi ti Mawu ƒe hame la yome akpa, eye megblɔe.


le ŋuʋaʋã nu la hame yometila menye; le dzɔdzɔenyenye, si le sea me nu la mokaka manɔŋutɔ menye.


nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.


Ke miawo la miedo vlo ame dahe la. Ɖe menye kesinɔtɔwo sẽa ŋuta le mia ŋuti, eye menye woawoe hea mi yia ʋɔnudrɔ̃ƒewo o mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa