Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 8:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye wòtsi tre heyi; eye kpo ɖa, Etiopia-ŋutsua ɖe, aƒedzikpɔla, si nye Etiopia-towo ƒe fianyɔnu Kandake ƒe ŋusẽtɔ, amesi kpɔa eƒe kesinɔnuwo katã dzi la, eya va Yerusalem gbe do ge da;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Filipo tso heyi abe ale si wogblɔ nɛ la ene; eye kasia ekpɔ Etiopia ŋutsu aɖe, si nye fianyɔnu Kandake ƒe ŋusẽtɔ kple gadzikpɔla gã la. Etso Yerusalem, afi si wòɖawɔ subɔsubɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la me le,

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 8:27
25 Mawu Ofanana  

Esi Saba-fianyɔnu se, alesi Salomo ŋkɔ ɖi kpe ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti la, ehe adzo o owo ɖe asi, ne yeava adoe akpɔ.


Mawu, ɖo wò ŋusẽ te! Oo, Mawu, li ke nusi nèwɔ na mí la!


Blu ɖe aƒla me la kple nyitsuwo ƒe ha, siwo le dukɔwo ƒe nyiviwo dome la ta; woawo, amesiwo na wonyã avuzi le wo dzi le klosalo ta. Kaka dukɔ, siwo lɔ̃a aʋawɔwɔ la hlẽ!


Meyɔ Raxab kple Babel be, wonye amesiwo nyam; kpɔ ɖa, Filistitɔwo, Tiro kple Kus la, afima wodzi wo ɖo.


Ɣemaɣi la dukɔ, si dza atsu ƒlalu, eye eŋu zrɔ̃ dredredre, dukɔ, si wovɔ̃na le dea didiƒe ke, dukɔ, si klitsu, eye wònyãa avuzi le ame dzi, dukɔ, si ƒe anyigba me tɔsisiwo to yi la, ahe nunanawo vɛ na Yehowa Zebaot, ayi Yehowa Zebaot ƒe ŋkɔ ƒe nɔƒe, ayi Zion-to la gbɔ.


Magblɔ na anyiehe be; Tsɔe ve! eye na dziehe be: Megasika ame di o! Kplɔ vinyeŋutsuwo tso didiƒe vɛ kple vinyenyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenu,


Ale Yehowa gblɔ esi: Egipte ƒe adzɔnuwo, Kus kple Sebatɔ ƒlalaawo ƒe viɖe age ɖe asiwò me ahazu tɔwò; woano ga me adze yowòme, eye woade ta agu na wò ahaƒo koko na wò be: Wò ɖeɖe ko gbɔe Mawu le, ɖeke megali o, mawu bubua ɖeke megali o.


Anyigba dzi dukɔwo azɔ le wò kekeli nu kple fiawo le wò keklẽ ƒe dzedze nu.


Kposɔwo anyẽ atsyɔ wò bibibi kple kposɔviwo tso Midian kple Efa; wo katã woatso sika kple dzudzɔ ʋeʋẽedonu atso Seba vɛ, eye woaɖe gbe ƒã Yehowa ƒe kafukafu.


Mawɔ dzesi ɖe wo ŋu, eye maɖo ame sisiwo ɖa tso wo dome ɖe dukɔwo, ɖe Tarsis, Pul kple Lud, amesiwo nye aŋutrɔdalawo, ɖe Tubal kple Yawan kpakple ɖe didiƒe ƒukpowo, amesiwo mese ŋkɔnye o, eye womekpɔ nye ŋutikɔkɔe o la gbɔ, eye woaɖe gbe ƒã nye ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome;


Ne ame yibɔ ate ŋu atrɔ eƒe ŋutigbalẽ, eye lãkle atrɔ eƒe agbalẽ ŋɔtaŋɔta la, ekema mi, amesiwo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mã la hã, miate ŋu awɔ nu nyui.


Eye aƒedzikpɔla Ebed-Melex, Kusitɔ la, amesi le fia ƒe me la, se be, wotsɔ Yeremya de do me; fia la bɔbɔ nɔ Benyamin-gbo nu.


Yi nagblɔ na Kusitɔ Ebed-Melex bena: Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mana nye nyawo nava me ɖe du sia ŋu hena vɔ̃, eye menye hena nyui o, eye woava me le ŋkuwò me le ɣemaɣi.


Nye ameka, siwo ka hlẽ, amesiwo ɖoa gbe ɖa nam la, atso tɔsisi la ƒe go keme le Kus, eye woahe vɔsanuwo vɛ nam.


Dziehe-fianyɔnu la atsi tre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kple nenem dzidzime sia, eye wòabu fɔe; elabena etso keke anyigba seƒe ke va Salomo ƒe nunya se ge; eye kpɔ ɖa, amesi wu Salomo la, le aɖi!


Ke Helatɔa ɖewo le amesi wo yina gbe do ge ɖa le ŋkekenyuiea ɖuƒe la dome;


ke esi wògagbugbɔ, eye wòbɔbɔ nɔ eƒe tasiaɖam me la, ele nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm.


Eye mele ƒu godo, ne woagblɔ be: ameka atso ƒu ayi atsɔe vɛ na mi, be míase, ne miawo edzi o.


Le xɔse me Abraham ɖo to, esime wòyɔe be, wòado go ayi ɖe afisi wòava xɔ wòanye eƒe domenyinyi la, eye wòdo go; gake menya afisi yim wòle o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa