Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 8:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eye Simon ɖo ŋu gblɔ bena: Miawo la miɖe kuku na Aƒetɔ la ɖe tanye, bena nusiwo katã miegblɔ la ƒe ɖeke nagava dzinye o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Simɔn ɖo eŋu be, “Do gbe ɖa na Aƒetɔ la ɖe tanye be nu siwo miegblɔ la dometɔ aɖeke madzɔ ɖe dzinye o.”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 8:24
15 Mawu Ofanana  

Eye Abraham ɖe kuku na Mawu ɖe Abimelex kple srɔ̃a kple atsusiawo katã ta, eye wòyɔ dɔ wo, bena woate ŋu adzi vi.


Azɔ gagbugbɔ nyɔnu la na srɔ̃a, elabena nyagblɔɖila wònye, eye wòaɖe kuku ɖe tawo, be natsi agbe. Ke ne meɖe asi le eŋu o la, ekema nyae bena, mia kple aƒewòmetɔwo katã miaku.


Tete fia la xɔ edzi gblɔ na Mawu ƒe ame la bena: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, eye do gbe ɖa ɖe tanye, be nye asi la nagaɖo me nam. Eye Mawu ƒe ame la do gbe ɖa na Yehowa, eye fia la ƒe asi gaɖo me nɛ abe tsã ene.


ne woado dzodzo ʋeʋẽe na dziƒo Mawu la, eye woado gbe ɖa de fia la kple viawo ƒe agbe ta.


Ale míetsi nu dɔ, eye míeƒo koko na mía Mawu la le esia ta, eye wowɔ edzi na mi.


Eyata milé nyitsu adre kple agbo adre, eye miyi nye dɔla Hiob gbɔ, ne wòasa numevɔ na mi, eye nye dɔla Hiob naɖe kuku ɖe mia ta; elabena eya ke ƒe ŋku me makpɔ, hafi nyiemaɖo bometsitsi la teƒe na mi o; elabena mieƒo nu nyuia ɖeke le ŋunye abe nye dɔla Hiob ene o.


Eyata mitso nye vodada la kem fifia hã, eye miɖe kuku na Yehowa, mia Mawu la, ɖe tanye, bena wòaɖe ku sia ɖa le dzinye!


Mikplɔ miaƒe alẽwo kple nyiwo hã ɖe asi yii, abe alesi miegblɔ ene, eye miɖayra nye hã!


Esi Mose kple Aron wodzo le Farao gbɔ la, Mose do gbe ɖa na Yehowa le akpɔkplɔ, siwo wokplɔ ƒu Farao la ŋuti.


Eye fia Zedekiya ɖɔ Yuxal, Selemya vi, kple nunɔla Zefanya, Maaseya vi, ɖo ɖe nyagblɔɖila Yeremya, ne woagblɔ nɛ bena: Ɖe kuku na Yehowa, mia Mawu, ɖe mía ta!


gblɔ na nyagblɔɖila Yeremya bena: Míetsɔ míaƒe kokoƒoƒo bɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le ŋkuwò me: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, ɖe mía ta le ame susɔeawo katã ŋuti, elabena mí ame ʋee siawoe kpɔtɔ tso ame gbogboawo dome, abe alesi wò ŋku le mía kpɔmi ene;


Tete dukɔ la va Mose gbɔ gblɔ bena: Míewɔ nuvɔ̃ be, mieƒo nu le mia kple Yehowa ŋu. Ɖe kuku na Yehowa, bena wòaɖe dawo ɖa le mía dome. Eye Mose ɖe kuku ɖe dukɔ la ta.


Miʋu mia nuvɔ̃wo me na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, bene miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe, si nu sẽna la, tea ŋu woa nu geɖe.


Eye dukɔ blibo la gblɔ na Samuel bena: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, ɖe wò dɔlawo ta, ne míagaku o! Elabena miewɔ nu vlo hetsɔ ƒu míaƒe nuvowo katã dzi be, miebia fia.


Ke nede megbe xaa tso nye hã gbɔnye, be matasi kukuɖeɖe ɖe mia ta, eye magbe mɔ nyui kple mɔ dzɔdzɔe fiafia mi ahawɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa