Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 8:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Tete woda asi ɖe wo dzi, eye woxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Esi Petro kple Yohanes nɔ gbea dom ɖa la, woda woƒe asiwo ɖe xɔsetɔawo dzi, eye enumake woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 8:17
15 Mawu Ofanana  

Yehowa ɖo ŋu na Mose bena: Yɔ Yosua, Nun vi, ŋutsu, si me gbɔgbɔ la le la, eye natsɔ wò asi aɖo edzi,


Eyome nana Lewitɔwo nate va Yehowa ŋku me, eye Israel-viwo natsɔ woƒe asiwò ada ɖe Lewitɔwo dzi.


eye wòɖe kuku nɛ vevie ŋuta gblɔ bena: Vinyenyɔnuvi ɖo kudo nu, va ne natsɔ wò asi ada de edzi, bena eƒe lãme nasẽ, eye wòatsi agbe.


Tete wotsi nu dɔ, eye wodo gbe ɖa, eye wotsɔ woƒe asiwò da de wo dzi, eye wodo mɔ wo.


Eye esi Paulo da asi ɖe wo dzi la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la va wo dzi, eye woƒo nu kple aɖe yeyewo, eye wogblɔ nya ɖi.


Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ya wo katã taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me, abe alesi Gbɔgbɔ la na wo, be woaƒo nui ene.


amesiwo wotsɔ ɖo apostoloawo ƒe ŋku me; eye esi wodo gbe ɖa vo la, wòda asi ɖe wo dzi.


Ke esi Simon kpɔ bena, to apostolowo ƒe asidada ɖe ame dzi me wona Gbɔgbɔ kɔkɔe la, etso ga vɛ na wo


Tete Anania ta dzi yi, eye wòva aƒea me, eye wòda eƒe asiwò ɖe edzi gblɔ bena; Nɔvi Saul, Aƒetɔ la, Yesu, si ɖe eɖokui fia wò le mɔ dzi, esi nègbɔna la, dom ɖa, be nagakpɔ nu, eye ne Gbɔgbɔ kɔkɔe la nayɔ wò fũ.


Elabena ele dzroyem vevie bena, makpɔ mi ɖa, bene matsɔ gbɔgbɔ me nunanaa ɖe ana mi, ne wòado ŋusẽ mi;


Megawɔ ƒome le amenuvevenunana, si le mewo, si wona wò to nyagblɔɖi me, esime hamemegãwo da woƒe asiwo ɖe dziwò la ŋuti o.


Megaɖo asi ame dzi kabakaba o, eye megakpɔ gome le ame bubuwo ƒe nuvɔ̃wo me o. Lé ɖokuiwò dzadzɛ.


Eyata mele ŋku dom edzi na wò be, nade dzo Mawu ƒe amenuvevenunana, si le mewo to nye asiɖoɖo dziwò la me.


kple mawutsidedetaname ŋuti nufiafiawo kple asidada ɖe ame dzi kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔ ƒe gɔme anyi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa