Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 8:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Tete la esi apostolo, siwo le Yerusalem la, se bena, Samaria xɔ mawunya la, woɖo Petro kple Yohanes ɖe wo gbɔ;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Esi apostolo siwo le Yerusalem se be mawunya ɖo Samaria la, woɖo Petro kple Yohanes ɖa be woaɖakpɔ ale si nuwo nɔ edzi yimii le afi ma ɖa.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 8:14
15 Mawu Ofanana  

Elabena nya, si wògblɔ le Yehowa ƒe nya nu ɖe vɔsamlekpui la ŋuti le Betel kple nuxeƒexɔwo katã, siwo le Samaria-duwo me ŋuti la, ava me.


Ke nusi wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, eya nye amesi le nya la sem, eye wòsea egɔme, amesi tsena, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃ la.


Eye wòdɔ Petro kple Yohanes gblɔ bena: Miheyi ɖadzra ŋutitotolẽvi la ɖo na mi, be miaɖu.


Amesi le gbeyem, eye mexɔa nye nyawo o la, ekpɔ amesi le ʋɔnu drɔ̃mi; nya, si megblɔ la, eya ke ladrɔ̃ ʋɔnui le nuwuwuŋkeke la dzi.


Eye apostolowo kple nɔvi, siwo le Yudea la se bena, trɔ̃subɔlawo hã xɔ Mawu ƒe nya la.


Eye esi wova Yerusalem la, hame la kple apostoloawo kpakple hamemegãwo xɔ wo; eye woka nusiwo katã Mawu wɔ kpli wo la ta na wo?


Ke amesiawo ɖo ʋu wu amesiwo le Tesalonika, woawo la woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã.


Azɔ amesiwo xɔ eƒe nyaa la, wode mawutsi ta na wo; eye le ŋkeke ma dzi wotsɔ luʋɔwo anɔ akpe etɔ̃ kpe ɖe wo ŋu.


Ke Saul kpɔ dzidzɔ le eƒe wuwu ŋuti. Eye le ŋkeke ma ke dzi yometiti gãa ɖe va hame, si le Yerusalem la dzi, eye wo katã woka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria-nutoawo me, negbe apostolowo koe mele me o.


eye esi wodze si amenuveve, si wotsɔ nam la, tete Yakobo kple Kefa kpakple Yohanes, amesiwo wobuna bena, wonye sɔtiwo la, wona habɔbɔ ƒe asi mía kple Barnaba, bene míawo míayi trɔ̃subɔlawo gbɔ, ke woawo woayi aʋatsotsotɔwo gbɔ;


Eye le esia ta míawo hã miedaa akpe na Mawu ɖaa bena, esime miexɔ mawunya, si miese le mía nu la, miexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã, si hã sẽa ŋu le mi, amesiwo xɔnɛ sena la me ene.


eye miedo Timoteo, mía nɔvi kple Mawu ƒe subɔla kple hadɔwɔla le Kristo ƒe nyanyuie me la ɖa, bene wòado ŋusẽ mi, eye wòaxlɔ̃ nu mi le miaƒe xɔse ŋuti,


kple madzɔmadzɔnyenye ƒe amebeble katã me le amesiwo le tsɔtsrɔm la dome; elabena womexɔ nyateƒe ƒe lolo, bene woaxɔ wo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa