Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 8:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ke Saul kpɔ dzidzɔ le eƒe wuwu ŋuti. Eye le ŋkeke ma ke dzi yometiti gãa ɖe va hame, si le Yerusalem la dzi, eye wo katã woka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria-nutoawo me, negbe apostolowo koe mele me o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Saulo da asi ɖe Stefano wuwu sia dzi kpem. Tso gbe ma gbe dzi la, amewo dze xɔsetɔ siwo le Yerusalem la yometiti gɔme vevie, eye esia na be wo katã wosi yi Yudea kple Samaria nutowo me negbe apostoloawo ɖeɖe koe susɔ ɖe Yerusalem.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 8:1
35 Mawu Ofanana  

Eye medɔ ame ɖo ɖe wo, be woagblɔ na wo bena: Dɔ gã dzi mele, eyata nyemate ŋu ava o. Nukaŋuti dɔ la atsi akpo dzi, eye magblẽe ɖi adzo va mia gbɔa?


Ale fia Dario de ŋkɔ nuŋɔŋlɔ la le, eye wòde se la.


Nye Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòde ga nu na dzatawo, be womewɔ nanekem o, elabena nyemeɖi fɔ le eŋku me o, eye nyemeɖi fɔ le wò fia ŋku me hã o.


Eye mamleawo lé eƒe dɔlawo, wodo vlo wo, eye wowu wo.


Eyaŋuti kpɔ ɖa, mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple agbalẽfialawo dɔm ɖe mia gbɔ; miawu wo dometɔa ɖewo, eye miahe wo ɖe ati ŋuti, miaƒo wo dometɔa ɖewo kple atam le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati wo yome tso du me yi du me,


Miawoe nye anyigba ƒe dze; ke ne dze bu eƒe vivi la, nuka tsɔ ge wòala ado vivi ne mahã? Tso esia dzi la meganyo na naneke o; ke boŋ woatsɔe aƒu gbe, bena amewo naɖo afɔ edzi.


Miɖo ŋku nya, si megblɔ na mi la dzi bena: Dɔla mewua eƒe aƒetɔ o. Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome, ne wòlé nye nya me ɖe asi la, wòalé miawo hã to me ɖe asi.


Woaɖe mi le woƒe ha me, ẽ, gaƒoƒo li gbɔna bena, amesiame, si awu mi la, abu xa bena, yele subɔsubɔdɔ wɔm na Mawu.


Hafi boŋ miaxe Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe se ƒe ke.


Eye nyagblɔɖila kple nufialaa ɖewo le ha me, si le Antioxia la me, siwo nye, Barnaba kple Simeon, si woyɔna be Niger, kple Lukio, Kirenetɔ kple Manahem, amesi wonyi kple dzidula Herodes, kple Saul.


Elabena Dawid, esi wòsubɔ Mawu ƒe tameɖoɖo le ye ŋutɔ ŋɔli la, edɔ alɔ̃; eye wotsɔe mlɔ fofoawo gbɔ, eye wòkpɔ nyunyɔ;


hele Mawu kafum, eye wokpɔ amenuveve le dukɔ blibo la katã gbɔ. Eye Aƒetɔ la tsɔa amesiwo kpɔ agbexɔxɔ la kpena ɖe ha la ŋu gbesiagbe.


eye esime wokɔ wò ɖaseɖila Stefano ƒe ʋu ɖe anyi la, nye hã mele tsitre ɖe afima, eye wòdze ŋunye, eye medzra amesiwo wui la ƒe avɔwo ɖo.


Nusi mewo hã le Yerusalem; eye mede ame kɔkɔewo dometɔ geɖewo gaxɔ me le ŋusẽ, si mexɔ tso nunɔlagãwo gbɔ la nu; eye ne wole wo wu ge la, melɔ̃na de edzi.


Eye woɖo asi apostoloawo dzi, eye wode wo dua me gaxɔ me.


Miheyi, ne míatsi tre agble agbenya siawo katã na dukɔ la le mawuxɔ me.


Eye esi wose esia la, eku dzi na wo ŋutɔ, eye woɖo be, yewoawu wo!


Tete woɖo toe; eye esi woyɔ apostoloawo ve la, woƒo wo, eye wode se na wo be, woagaƒo nu le Yesu ƒe ŋkɔa dzi o, eye wodo mo wo.


Eyae nye amesi no ha la dome le gbedzi kple mawudɔla la, esi wòƒo nu ne le Sinai-to ta ŋuti kple mia fofowo, amesi xɔ agbenyawo be, yeana mí;


Tete la esi wose nya siawo la, eɖu dzi na wo, eye woɖu aɖukli ɖe eŋu.


Eye woƒu kpe Stefano, si le gbe dom ɖa le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ Yesu, xa nye gbegbe la!


Tete la esi apostolo, siwo le Yerusalem la, se bena, Samaria xɔ mawunya la, woɖo Petro kple Yohanes ɖe wo gbɔ;


Eye ŋutsu, siwo vɔ̃a Mawu la, ɖi Stefano, eye wofa konyi nɛ ŋutɔ.


Ke amesiwo ka hlẽ la, le tsatsam hele nyanyuie la gblɔm fia.


Eye Filipo va Samaria-dua me, eye wòɖe gbe ƒã le Kristo ŋuti na wo.


Azɔ hame, si le Yudea kple Galilea kple Samaria katã la, kpɔ tomefafa, eye wotu wo ɖokui, eye wole zɔzɔm le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me; eye wosɔ gbɔ to Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe akɔfafa me.


amesiwo nya Mawu ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔe la kɔte bena, amesiwo wɔa nusiawo la, wodze ku; eye womewɔa nusiawo ɖeɖeko o, hafi boŋ wokpɔa dzidzɔ le amesiwo wɔne la hã ŋuti.


Ke mele didim bena, mianyae, nɔviwo, bena nusiwo va dzo ɖe dzinye la, tra zu nyanyuie la ƒe dziyiyi nyui la boŋ,


Le xɔse me wògblẽ Egipte ɖi, eye meva fia ƒe dɔmedzoe la o; elabena edo dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa