Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 7:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye esi tɔgbuiawo le ŋu ʋãm Yosef la, wotsɔe ƒle ɖe Egipte; ke Mawu ti kplii,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 “Yosef si nye Yakob ƒe vi mamlɛtɔ la ƒe nu menyo nɔvia bubuawo ŋu o, ale wodzrae na kluvisitsalawo, ame siwo kplɔe yi Egipte abe kluvi ene. Ke hã la, Mawu nɔ kplii

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 7:9
14 Mawu Ofanana  

Ke Yehowa nɔ kple Yosef, eye nusianu dze edzi nɛ nyuie, eye wònɔ eƒe aƒetɔ, Egiptetɔ la, ƒe me


Tso esime wòtsɔe ɖo eƒe aƒe me nuwo dzikpɔlae, eye wotsɔ eƒe nuwo katã de esi la, Yehowa yra Egiptetɔ la ƒe aƒe le Yosef ta, eye Yehowa ƒe yayra le nusiwo katã le esi le aƒe me kple agble me la dzi.


Eye Yosef gblɔ na nɔviawo bena: Mite ɖe ŋunye dzro! Esi wole ɖe eŋu la, egblɔ bena: Nye enye mia nɔvi Yosef, si mietsɔ dzra ɖe Egipte la.


Edɔ ŋutsua ɖe ɖe wo ŋgɔ; wotsɔ Yosef dzra kluvii.


megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Ne èto to me la, meli kpli wò, eye ne èto tɔsisiwo me la, womalé wò o. Ne èto dzo me, mamè wò o, eye dzo ƒe adewo mafiã wò o.


Eyata Zerubabel, lé dzi ɖe ƒo, Yehowa ye gblɔe! Nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, lé dzi ɖe ƒo! Mi dukɔ hahoo la katã, milé dzi ɖe ƒo, eye miwɔ dɔ, Yehowa ye gblɔe! Elabena meli kpli mi, Yehowa Zebaot ye gblɔe,


Elabena ènyae bena, ŋuʋaʋã ŋutie wotsɔe de asi ɖo.


Lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu, eƒe dɔme nyona; lɔlɔ̃ la meʋãa ŋu o, lolo fa meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzo o,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa