Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 7:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye wòna aʋatsotso ƒe nubablae, eye ale wòdzi Isak, eye wòtso aʋa nɛ le ŋkeke enyiagbe; eye Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi tɔgbui wuieveawo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Mawu de se na Abraham be wòatso aʋa na via ŋutsuviwo abe nubabla si le Mawu kple Abraham ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe kpeɖodzinu ene. Le esia ta la, esi Isak si nye Abraham ƒe viŋutsu xɔ ŋkeke enyi ko la, fofoa tso aʋa nɛ. Isak ƒe viŋutsue nye Yakob, ame si hã ƒe viŋutsu wuieveawo me Israel dukɔa ƒe tɔgbui wuieveawo dzɔ tso.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 7:8
20 Mawu Ofanana  

Ke esi Yehowa kpɔ bena, womelɔ̃a Lea ƒe nya o la, enu eƒe vidzidɔ, eye wòxe Raxel tɔ.


Eye Bilha fɔ fu dzi ŋutsuvi na Yakob.


Emegbe la wodze mɔ tso Betel. Esi wote lu Efrat la, Raxel de asi kulele me: ke vidzidzi la nye dɔ nɛ.


Esi wòle kudɔ ƒom, eye wòkpɔ bena, yele kuku ge la, ena ŋkɔe bena: Benoni; ke fofoa yɔe be Benyamin.


Eye Abraham dzi Isak. Isak viwo nye: Esau kple Israel.


Abraham dzi Isak, Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi Yuda kple nɔviawo;


Mose tsɔ aʋatsotso na mi, menye bena, etso Mose gbɔ o, ke boŋ fofoawo gbɔ wòtso, eye le Sabat dzi la mietsoa aʋa na ame.


Ŋutsuwo kple nɔviwo! Mɔ li be, magblɔ nya na mi kple dzideƒo le tɔgbui Dawid la: ŋuti, bena eku, eye woɖii, eye eƒe: yɔdo le mía dome vaseɖe egbegbe.


Azɔ la aleke wobui nɛ? Ɖe esime wotso aʋa nɛ loo, alo esime wometso aʋa nɛ haɖe o mahã? Menye esime wotso aʋa nɛ o, ke esime wometso aʋa ne haɖe o boŋ.


Nɔviwo, mele nu ƒom abe ame ene; ame ƒe nubabla, si dzi woɖo kpee la, amea ɖeke metunɛ alo tsɔa nane kpena ɖe eŋuti o.


Ke esia gblɔm mele: Nubabla, si dzi Mawu ɖo kpee ɖi hena Kristo la, se, si wode ƒe alafa ene kple blaetɔ̃ megbe la, mele ŋu tui, bene woaɖe ŋugbedodo la ɖa o.


Ke mibu amesia, si Abraham, amegã xoxo la, tsɔ aboyonuawo ƒe ewolia na la, ƒe gãnyenye ŋuti kpɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa