Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 7:49 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

49 „Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu; xɔ ka ƒomevi lu ge míala nama? Aƒetɔ la gblɔe, alo afikae nye dzudzɔƒe nama?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

49 “ ‘Nye fiazikpuie nye dziƒo, eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu. Aƒe ka ƒomevi koŋ ame ate ŋu atu nam? Aƒetɔ la gblɔe. Alo Afi ka nye gbɔɖemeƒe anɔ?

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 7:49
13 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ bena: Azɔ se Yehowa ƒe gbe: Mekpɔ Yehowa wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi, eye dziƒoʋakɔ blibo la le tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia me.


Ke nyateƒee, Mawu anɔ anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o.


Elabena nyateƒee Mawu anɔ amegbetɔwo gbɔ le anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o!


Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, Yehowa, amesi ƒe fiazikpui le dziƒo la, ƒe ŋkuwo le ekpɔm, eƒe aɖabawo doa amegbetɔviwo kpɔna.


Ale Yehowa gblɔ esi: Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevie miehe, yewoatu nam, eye teƒe ka anye nye gbɔɖemeƒe?


Yehowa be: Ɖe ame aɣla ɖe ɣaɣlɛƒe, eye magbe ekpɔkpɔa? Yehowa be: Ɖe menye nyee yɔ dziƒo kple anyigba dzi taŋ oa?


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Eye amesi ke atà dziƒo la, eya tà Mawu ƒe zikpui kple amesi nɔa edzi.


Ke eɖo eŋu gblɔ na wo bena: Ɖe miele nusiawo katã kpɔma? Vavã mele egblɔm na mi bena: Womele kpe gblẽ ge ɖe kpea ɖeke dzi le abi, si womatu asii aƒu anyi o.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, xɔm se bena, gaƒoƒo gbɔna, esi menye to sia dzi alo Yerusalem miado gbe ɖa na Fofo la le o.


Amesi ke ɖu dzi la, mana woabɔbɔ nɔ anyi kplim ɖe nye fiazikpui la dzi, abe alesi nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi kple Fofonye ɖe eƒe fiazikpui dzii la ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa