Eye wòva me le Israel-viwo ƒe ʋuʋu tso Egipte-nyigba dzi ƒe alafa ene blanyilia me, le esime Salomo ɖu fia ɖe Israel dzi ƒe ene megbe la, ede asi xɔtutu me na Yehowa le ɣlati Ziw, si nye ɣleti evelia dzi.
Yehowa wo eƒe nya, si wògblɔ la dzi, eye medo xɔ fofonye Dawid teƒe hebɔbɔ nɔ Israel-fiazikpui la dzi, abe alesi Yehowa gblɔ ene, eye metu xɔ na Yehowa, Israel Mawu la ƒe ŋkɔ.
Eye Salomo dze Yehowa ƒe xɔ la tutu gɔme le Yerusalem; ɖe Moriya-to, si dzi wòɖe eɖokui fia fofoa Dawid le la dzi, ɖe teƒe, si Dawid dzra ɖo ɖe Yebusitɔ Ornan ƒe lugbɔƒe.