Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 7:46 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

46 amesi kpɔ amenuveve le Mawu ƒe ŋku me, eye wòɖe kuku bena, yeakpɔ nɔƒea ɖe na Yakob ƒe Mawu la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

46 Mawu yra Fia David ŋutɔ, eye David hã bia be Mawu naɖe mɔ na ye yeatu gbedoxɔ gã aɖe si anɔ anyi tegbee la na eya Yakob ƒe Mawu la.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 7:46
18 Mawu Ofanana  

Tete Dawid gblɔ na Mixal bena: Yehowa, amesi ŋu nye nu nyo wu fofowò kple eƒe aƒe blibo la, eye wòtsɔm ɖo amegã ɖe Yehowa ƒe dukɔ Israel nu la, ŋku mee meɖu ɣe le!


Yehowa ka nyateƒetam na Dawid, eye matrɔe o be: Wò alimevi matsɔ aɖo wò fiazikpui dzi.


Esi woɖee ɖa la, ena Dawid tsi tre, be wòanye fia na wo, amesi ŋuti hã wòɖi ɖase le gblɔ bena: „Mekpɔ Dawid, Isai vi la, ŋutsu, si dze nye dzi ŋu, amesi lawɔ nye lɔlɔ̃nu katã.“


Ke azɔ wò fiaɖuɖu mali ke o. Yehowa ɖi ŋutsu bubu, si dze eŋu, na eɖokui, eye Yehowa tsɔe ɖo fia ɖe eƒe dukɔ nu; elabena melé se, si Yehowa de na wò la me ɖe asi o.


Tete Samuel gblɔ nɛ bena: Yehowa dze Israel-fiaɖuƒe la le asiwò egbe, eye wòtsɔe na hawòvi, si nyo wu wò.


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ŋkeke nenie nanɔ konyi fam le Saul, amesi megbe be, megaɖu fia ɖe Israel dzi o la ŋu? De ami wò lãdzo la me, eye nayi; kpo ɖa, mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le Betlexem, elabena mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa