Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 7:45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Agbadɔ sia hã ɖo mia fofowo si me, eye woawo kple Yosua wotsɔe va dukɔ, siwo Mawu tu asii ɖa tso mia fofowo ƒe ŋku me la ƒe anyigba dzi vaseɖe Dawid ƒe ŋkekeawo dzi,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

45 Le ƒe aɖewo megbe la, esi Yosua va zu kplɔla, eye wòho aʋa ɖe dukɔwo ŋu la, wokɔ agbadɔ sia yi woƒe nɔƒe yeye si wonɔ la, eye wowɔ eŋuti dɔ va se ɖe Fia David ŋɔli.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 7:45
20 Mawu Ofanana  

Eye wotsɔ Yehowa ƒe aɖaka la kple Mawu ƒe agbadɔ la kpakple nu kɔkɔe, siwo katã le agbadɔ la me vɛ; nunɔlawo kple Lewitɔwo tsɔ wo vɛ.


eye wòɖo nunɔla Zadok kple nɔvia, siwo nye nunɔlawo la, Yehowa ƒe nɔƒe la ŋgɔ le vɔsaƒe le Gibeon,


Ke ɣemaɣi Yehowa ƒe nɔƒe, si Mose wo le gbe dzi kple numevɔsamlekpui la nɔ vɔsaƒe le Gibeon.


eya ƒe vi nye Nun, eya ƒe vi nye Yosua.


Ɖeviawo yi ɖaxɔ anyigba la wònye wo tɔ, eye nèbɔbɔ anyigbadzitɔ, siwo nye Kanaanitɔwo, de anyi le wo ŋku me; ètsɔ woƒe fiawo kple anyigba dzi dukɔwio siaa de asi na wo, ne woawɔ wo, alesi dze wo ŋu.


Mawu, míesee kple míaƒe to, mía fofowo ɖa xo na mí, le nusiwo nèwɔ le wo ŋɔli le blema la ŋuti.


Enyã dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòdzidze nu ɖe edzi na wo, ne wòanye wo tɔ, eye Israel-toawo nɔ woƒe agbadɔwo me.


Mawu Zebaot, gaɖo mí te, na wò ŋku me naklẽ, ne míakpɔ xɔname!


Eye wòtsrɔ̃ dukɔ adre le Kanaan-nyigba dzi, eye wòmã woƒe anyigba me na wo hena domenymyi.


De Abarim-towo dzi, eye nalia Nebo-to, si le Moab-nyigba dzi le Yerixo kasa, eye nakpɔ Kanaan-nyigba, si tso ge mala na Israel-viwo wòanye wo tɔ la ɖa.


Elabena ɖe Yosua kplɔ wo yi ɖe dzudzɔ me la, anye ne megaƒo nu emegbe la le ŋkeke bubua ɖe ŋuti o.


Esi anyigba la na ta wo vɔ la, Israel-viwo ƒe ha blibo la va kpe ta ɖe Silo, eye wotu Mawu ƒe agbadɔ la ɖe afima.


Yehowa nyã dukɔ gã kple dukɔ sesẽwo ɖa le nua ŋgɔ, ke miawo la amea ɖeke mete ŋu nɔ te ɖe mia nu vaseɖe fifi o.


Yehowa nyã dukɔwo katã kple Amoritɔ, siwo nɔ anyigba dzi la, ɖa le mía ŋgɔ. Miawo hã miasubɔ Yehowa, elabena eyae nye mía Mawu!


Eye Mixa ƒe aklama kpakpɛ, si wòwɔ la, no wo si le ɣeyiɣi, siwo katã me Mawu ƒe aƒe la nɔ Silo.


Eye dukɔ la ɖɔ ame ɖo ɖe Silo woyi ɖatsɔ Yehowa Zebaot, si le Kerubiwo ta me la ƒe nubablaɖaka tso afima ve, eye Eli vi eveawo Xofni kple Pinexas kpe ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa