Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 7:44 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 Ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la nɔ mía fofowo dome le gbeadzi, abe alesi amesi ƒo nu kple Mose la ɖo, bena wòawɔe le nɔnɔme, si wòkpɔ la nu ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

44 “Mía tɔgbuitɔgbuiwo tsɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la ɖe ta nɔ gbea dzi, nɔ yiyim tso teƒe yi teƒe. Wowɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ sia ɖe nɔnɔme si Mawu ɖee fia Mose be wòawɔe la nu.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 7:44
17 Mawu Ofanana  

Eye Dawid tsɔ xɔ la ƒe akpata, eŋu xɔwo, nudzraɖoƒewo, dzisasrãwo kple xɔ emetɔwo kpakple nutsyɔnu la xɔ ƒe nɔnɔme de asi na via Salomo.


Nusiawo katã Yehowa, amesi fia do siawo katã ƒe nɔnɔmem la ƒe asi ŋlɔ nam.


Tete fia la yɔ Yoyada, si nye tatɔ la, eye wògblɔ nɛ bena: Nukaŋuti meɖi tso Lewi-viwo si be, woaɖaxɔ Yehowa ƒe dɔla Mose ƒe adzɔ, si wòɖo na Israel ƒe ameha la ɖe Mawu ƒe agbadɔ la ŋu la, tso Yuda kple Yerusalem si oa?


Kpɔ dzi, be nawɔe ɖe nɔnɔme, si wotia wò le toa dzi la nu pɛpɛpɛ.


Tu agbadɔ la ɖe nɔnɔme, si wofia wo le toa dzi la nu pɛpɛpɛ.


Ʋuƒo natsɔ awɔe, eye to nanɔ me. Alesi wolia wò le Noa dzi la, nenema nawɔe.


Esia enye nɔƒe la, si sea le la, ƒe home, si nunɔla Aron viŋutsu Itamar bu na Lewitɔwo le Mose ƒe nya la nu.


Le ƒe evelia me, le ɣleti evelia ƒe ŋkeke blavelia dzi la alilikpo la ho le nɔƒe, si sea le la dzi.


Na nɔviwowo, amesiwo tso fofowò Lewi ƒe toa me la, nava kpli wò, eye woanɔ ŋuwò awɔ subɔsubɔdɔ, ne mia kple viwòŋutsuawo miele agbadɔ, si me sea le la ŋgɔ.


Gbesigbe wotu nɔƒea la, alilikpo va tsyɔ agbadɔ, si me sea le la dzi, eye wòdzena le nɔƒe la dzi le fiẽ abe dzo ene vaseɖe ŋdi.


amesi nye kɔkɔeƒe kple agbadɔ vavã, si Mawu ŋutɔ tu, eye menye amee tui o la, ƒe subɔla.


nenem me siawo subɔa nusiwo nye dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu kple vɔvɔli, abe alesi Mawu ɖee fia Mose, esime wòle agbadɔ la wɔ ge la ene; elabena egblɔ be: „Kpɔ dzi, be nawɔ nuwo katã ɖe nɔnɔme, si wofiã wo le toa dzi la nu.“


Esi anyigba la na ta wo vɔ la, Israel-viwo ƒe ha blibo la va kpe ta ɖe Silo, eye wotu Mawu ƒe agbadɔ la ɖe afima.


Tete dukɔ la do tso woƒe agbadɔwo me, eye woho, be yewoatso Yordan, eye nunɔlawo tsɔ nubablaɖaka la dze dukɔa ŋgɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa