Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 7:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 amesi mia fofowo melɔ̃ be, yewoaɖo toe o, hafi boŋ wotu asii ɖa, eye wòtrɔ yi ɖe Egipte le woƒe dziwo me

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

39 “Ke nublanuitɔe la, mía tɔgbuiwo gbe nu le Mose gbɔ, eye wodi be yewoatrɔ ayi Egipte.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 7:39
15 Mawu Ofanana  

Ale Salomo nyã Abyatar, be maganye Yehowa ƒe nunɔla azɔ o, ne Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Eli ƒe aƒe ŋu le Silo la, nava me.


Eye woʋã ŋu Mose le asaɖa me kple Yehowa ƒe ame kɔkɔe Aron.


eye Israel-viwo gblɔ na wo bena: Ɖe Yehowa na míeku le Egipte-nyigba dzi, afisi míebɔbɔ nɔ miaƒe lãzewo dome, eye míeɖua abolo ɖia ƒo la, ne nyo wu esi miekplɔ mí va gbe sia dzi, bena dɔ nawɔ ameha blibo sia woaku!


Eye tsikɔ wu dukɔ la le afima. Eye dukɔ la ti Mose ŋu gblɔ bena: Nukaŋuti nèkplɔ mí tso Egipte, bena tsikɔ nawu mia ŋutɔwo, mía viwo kple míaƒe lãwo míaku mahã?


Mieɖo ŋku tɔmelã, siwo míeɖuna le Egipte dzodzro, kpakple adzamatre, aɖiba, agumetaku, sabala kple gbegãdziwo dzi.


eye dukɔ la ƒo nu le Mawu kple Mose ŋu bena: Nukata miekplɔ mí tso Egipte, be míaku le gbedzi? Elabena abolo kple tsia ɖeke mele afisia o, eye nuɖuɖu vlo sia le ŋu nyɔm na mí.


Ke amesi le nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe xɔlɔ̃via ŋu la, tu asii ɖa gblɔ bena: „Amekae ɖo wò dziɖula alo ʋɔnudrɔ̃la ɖe mia dzi mahã?


Eye nyagblɔɖilawo ƒe gbɔgbɔwo bɔbɔa wo ɖokui na nyagblɔɖilawo.


Eye Gilead srɔ̃ dzi viwo nɛ, eye esi srɔ̃ ƒe viwo tsi la, wonyã Yefta gblɔ nɛ bena: Wòa mànyi dome le mía fofo ƒe me o, elabena nyɔnu bubu vi nènye!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa