Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 7:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Amesia kplɔ wo do goe, eye wòwɔ nukunuwo kple dzesiwo le Egipte-nyigba dzi kple Ƒudzie la nu kpakple gbedzi ƒe blane sɔŋ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

36 Ale to nukunu geɖewo wɔwɔ me la, Mose kplɔ Israelviwo tso Egipte. Woto Ƒu Dzĩ la me, eye wozɔ mɔ to gbedzi ƒe blaene sɔŋ.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 7:36
38 Mawu Ofanana  

Ewɔ dzesiwo kple nukunuwo ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã kpakple eƒe anyigba dzi dukɔ blibo la ŋu; elabena enya be, dadam wole ɖe wo ŋu, eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, abe alesi wògale egbe siawo ko ene.


Ƒe blane sɔŋ ƒome sia nyɔ ŋu nam, eye megblɔ be: Dukɔ, si ƒe dzi tre mɔ, wonye eye womenya nye mɔwo o;


migasẽ miaƒe dzime ahe le Meriba kple gbemagbe le Masa le gbeadzi ene o!


Eye le ƒe alafa ene blaetɔ̃ megbe, le ŋkeke ma dzi tututu Yehowa ƒe amehawo katã ʋu tso Egipte-nyigba la dzi.


Eye Mose ɖo eƒe asi ɖe ƒu la dzi. Tete Yehowa na ɣedzeƒeya nyama ƒu la zã blibo la katã, ale bena ƒu la mie keŋ, eye tsi la ma ɖe akpa eve me.


Eye Israel-viwo ɖu man la ƒe blane, vaseɖe esime wova anyigba, si dzi amewo le dzi, man sɔŋ woɖu, vaseɖe esime woɖo Kanaan-nyigba ƒe liƒowo dzi.


Mado nye asi da, eye matsɔ nye nukunuwo katã, siwo mawɔ le wo dome la, aɖee le mo na Egiptetɔwo: emegbe hafi woana miayi.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Heyi, eye mia kple dukɔ, si nekplɔ tso Egipte-nyigba dzi la, miadzo le afisia ayi anyigba, si ŋu meka atam ɖo na Abraham, Isak kple Yakob gblɔ bena: woƒe dzidzimeviwo màtsɔe ana la dzi!


Tete Yesu gblɔ nɛ bena: Ne menye dzesiwo kple nukunuwo miekpɔ o la, miexɔnɛ sena o.


Eye anɔ ƒe blane sɔŋ wòlé wo ɖe asi le wo nyim le gbeadzi.


Ke Mawu trɔ ɖe wo, eye wòtso wo na dziƒoha ƒe subɔsubɔ, abe alesi woŋlɔ ɖe nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene bena: „Israel-ƒeme, alo nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo vɛ na le ƒe blanea me le gbedzia?


Avɔ mevuvu le ŋuwò o, eye wò afɔ mete le ƒe blaneawo me o.


migasẽ miaƒe dzime, abe alesi wowɔ le dɔmedzoe me le tetekpɔ ƒe ŋkeke la dzi le gbeadzi ene o,


esime mia fofowo tem kpɔ, eye woɖom kpɔ, eye wokpɔ nye dɔwɔwɔwo ƒe blane sɔŋ.


menye ɖe nu, si mebia kple wo fofowo le gbesigbe melé woƒe alɔnu hekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi la nu o, elabena woawo menɔ nye nubabla me o, eye nye hã nyemele be na wo o, Yehowa ye gblɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa