Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 7:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Ɖe mekpɔ nye dukɔ, si le Egipte la, ƒe momenuveve, eye mese woƒe ŋeŋe, eye meɖi va wo ɖe ge, eye azɔ va, ne mado wò ɖe Egipte.“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

34 Mekpɔ fu gã si kpem vinyewo le le Egiptenyigba dzi, eye mese woƒe nublanuiɣli si dom wole la hã, eya ta meva be maɖe wo tso fukpekpe sia me. Va ne madɔ wò ɖe Egipte ne nàwɔ dɔ sia nam.’

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 7:34
21 Mawu Ofanana  

Tete Yehowa ɖi va anyi, be yeakpɔ du kple mɔ̃ kɔkɔ, si amegbetɔviwo le tutum la ɖa.


Mina míaɖi ayi afima, ne míatɔtɔ woƒe gbe, bena amea ɖeke nagase nɔvia ƒe gbe o!


Eyata maɖi ayi, ne makpɔ bena, nya, siwo katã sem mele le wo ŋuti la, le eme loo, alo mele eme o, ne manya.


Ekpɔ mía fofowoƒe hiã le Egipte, eye nèse woƒe ɣli le Avaƒu la nu.


Edɔ eƒe dɔla Mose kple Aron, si wòtia la ɖa.


Ekpɔ woƒe hiã la ɖa, eye wòse woƒe ɣli.


Yehowa, viã wò dziƒo, eye naɖi ɖe anyi; ka asi towo ŋu, ne woatu adzudzɔ.


Mawu gblɔ na Mose be: „Amesi menye, eyae menye,“ eye wògblɔ bena: Ale nagblɔ na Israel-viwo enye si: „Menye“ ye dɔm do ɖe mia gbɔ;


Esi dukɔ la se bena: Yehowa ɖo ŋku Israel-viwo dzi, eye wòkpɔ woƒe teteɖanyi la, woxɔe se, eye wode ta agu hedo gbe ɖa.


Abe alesi dzo fiãa nakeyɛ, eye dzo nana tsi fiẽna wlɔwlɔwlɔ enee ɖe, ne naɖe wò ŋkɔ afia dukɔwo, eye dukɔwo katã nadzo nyanyanya le ŋkuwò me,


Yakob si yi Aram-nyigba dzi; nyɔnu me Israel subɔ ɖo, eye nyɔnu tae wònyi lã ɖo.


Nyee kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi, mexɔ wò ƒle tso kluvinyenyeƒe me, eye medɔ Mose, Aron: kple Miryam woɖze ŋgɔwò ɖe!


Maɖi ava ƒo nu kpli wò le afima, eye maɖe gbɔgbɔ, si le dziwò la, ƒe ɖe ada ɖe wo dzi, bena woatso dukɔ la ƒe agba na wò ti, eye wò ɖeka matsɔe o.


Eye amea ɖeke melia yi dziƒo kpɔ o, negbe amesi ɖi tso dziƒo va ko, eyae nye Amegbetɔvi, si le dziƒo.


Elabena medi tso dziƒo va, menye bena mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, negbe amesi dɔm da la ƒe lɔlɔ̃nu ko.


Ne Yehowa ɖo ʋɔnudrɔ̃la na wo la, Yehowa nɔa anyi kple ʋɔnudrɔ̃la la, eye wòɖea wo tsoa woƒe futɔwo si me, ŋkeke alesi ʋɔnudrɔ̃la la le agbe, elabena woƒe hũɖeɖe le fuɖenametɔwo kple ŋutasẽlawo ŋuti na be, Yehowa ƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa